Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 116 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedada kple adzɔgbeɖeɖe le xɔname ta.

1 Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo.

2 Elabena eƒu to anyi ɖe ŋunye, eyata mayɔe le nye agbe me ŋkekewo me.

3 Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa.

4 Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!

5 Amenuvela kple dzɔdzɔetɔ enye Yehowa, nublanuikpɔla enye Mawu.

6 Yehowa kpɔa amesiwo ŋu wɔna mele o la ta; megbɔdzɔ, ke exɔ nam.

7 Nye luʋɔ, gagbɔ ɖe me, elabena Yehowa wɔ nyui na wò!

8 Elabena eɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋku tso aɖatsi me kple nye afɔ tso anyidzedze me.

9 Mazɔ le Yehowa ŋku me le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

10 Mexɔna sena, eyata meƒoa nu; ke wokaa hiãm ŋutɔ.

11 Esime dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: Amegbetɔwo katã nye alakpadalawo

12 Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?

13 Maka xɔname ƒe kplu la dzi ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

14 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me.

15 Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋku me.

16 Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.

17 Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.

18 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,

19 le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mewò, Yerusalem. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan