Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 115 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ɖeka hɔ̃ tɔ enye bubu.

1 Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!

2 Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Atike ga woƒe Mawu la le?

3 Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.

4 Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.

5 Nu li na wowomeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o;

6 to li na wo, womesea nu o; ŋɔti li na wo, womeʋẽa nu sena o;

7 asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o.

8 Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.

9 Israel ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!

10 Aron ƒe aƒe, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!

11 Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!

12 Yehowa ɖo ŋku mía dzi; ayra Israel ƒe aƒe la, ayrae; ayra Aron ƒe aƒe la;

13 ayra amesiwo vaa Yehowa, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.

14 Yehowa adzi mia kple mia viwo de dzi.

15 Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye.

16 Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.

17 Menye ame kukuwoe akafu Yehowa o, alo amesiwo katã yi aʋli me la o;

18 boŋ míawoe akafu Yehowa tso fifia vaseɖe mavɔ me. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan