Psalmowo 114 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob ƒe Mawu ƒe nuku ŋusẽ. 1 Esime Israel nu tso Egipte, Yakob ƒe aƒe la tso fiafialawo dome la, 2 Yuda nye eƒe kɔkɔeƒe, eye Israel nye eƒe fiaɖuƒe. 3 Atsiaƒu kpɔe, eye wosi, Yordan gbugbɔ ɖe megbe; 4 towo ti kpo abe agbowo ene, togbɛwo abe alẽviwo ene. 5 Atsiaƒu, nya kae dzɔ, be nèsi, wò, Yordan, be nègbugbɔ ɖe megbe? 6 Mi towo, be miele kpo tim abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene? 7 Anyigba, dzidzi neƒo wò le Aƒetɔ la ŋku me, le Yakob ƒe Mawu la ŋku me; 8 amesi na agakpe zu tsíta, eye ahliha zu tsidzɔƒe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana