Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 113 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu vea amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi la nu.

1 Mikafu Yehowa! Mi Yehowa ƒe dɔlãwo, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui!

2 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia vaseɖe mava me!

3 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!

4 Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi.

5 Amekae ɖe Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me,

6 amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu?

7 Eya, amesi fɔ ame tsa la tso ʋuʋudedi me kple ame dahe la tso ba me;

8 ne wòatsɔe aɖo bubumewo gbɔ, aɖo eƒe dukɔ la ƒe bubumewo gbɔ;

9 amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan