Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 112 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawuvɔ̃lawo ƒo dzɔgbenyuie.

1 Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.

2 Ŋusẽ anɔ viawo ŋu le anyigba dzi, eye woayra dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe ƒome.

3 Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.

4 Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.

5 Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.

6 Elabena ke maɖe le ete akpɔ o tegbee; ame dzɔdzɔe anɔ anyi hena ŋkuɖoɖodzi tegbee.

7 Nya vɔ̃ sesea ɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.

8 Dzi le eƒo mavɔ̃ o, vaseɖe esime wòakpɔ eƒe ketɔwo ta ɖa.

9 Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.

10 Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan