Psalmowo 111 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒo dɔmenyo kafukafu. 1 Mikafu Yehowa! Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome. 2 Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome. 3 Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee. 4 Edo ŋkuɖodzinu eƒe nukunuwo ŋu, amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa. 5 Ena nuɖuɖu amesiwo vɔ̃nɛ la; eɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbee. 6 Ede eƒe nuwɔwɔ ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la, esime wòtsɔ dukɔwo ƒe domenyinu na wo. 7 Eƒe asinudɔwɔwɔwo nye nyateƒe kple ʋɔnudɔdrɔ̃, eye eƒe sewo katã le eteƒe; 8 elia ke wo ɖaa tegbee, eye wòwɔ wo le nyateƒe kple nuteƒewɔwɔ me. 9 Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu. 10 Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana