Psalmowo 110 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunɔla kple fia mavɔ. 1 Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu! 2 Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ da tso Zion be: Ɖu fia le wo futɔwo titina! 3 Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene. 4 Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu. 5 Aƒetɔ la le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya. 6 Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome; atsɔ ame kukuwo ayɔ teƒe kekewoe, eye wòagbã ametawo ɖi. 7 Tɔʋu, si le mɔ to la me, wòano tsi le; eyata awu ta dzi: |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana