Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 109 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedodoɖa le kpekpeɖeŋu ŋuti kple fiƒoƒo de futɔwo.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la. Wò, nye kafukafu ƒe Mawu, megazi kpi o!

2 Elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpadalawo ƒe nu ke ɖe ŋunye, eye wotsɔ alakpaɖewo ƒo nu kplim.

3 Wotsɔ fuléamenyawo ɖe to ɖem, eye wowɔ avu kplim yakatsyɔ.

4 Wolém ɖe ke me ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe; gbedodoɖa sɔŋ ko nyama mezu.

5 Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam kple fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.

6 Da ame vɔ̃ɖi ɖe eŋu, eye Satana netsi tre ɖe eƒe nuɖusi me!

7 Nenye ame ɖifɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eƒe gbedodoɖa nezu nuvɔ̃!

8 Eƒe ŋkekewo nezu ʋee, eye ame bubu nexɔ eƒe dɔ!

9 Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi!

10 Viawo nenɔ tsa glãla tsam anɔ nu biam, eye woadi nu le adzɔge tso woƒe aƒedowo gbɔ!

11 Fetɔ nehe eƒe nuwo katã ɖe akɔme, eye ame tutɔwo neha nusiwo wòwɔ ɖɔ kpɔ la!

12 Amea ɖeke meganɔ anyi nɛ, si ave enu o, eye amea ɖeke megakpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o!

13 Woatsrɔ̃ eƒe dzidzimeviwo, eye woƒe ŋkɔ netutu ɖa le ƒome, si adze eyome la me!

14 Woaɖo ŋu fofoawo ƒe vodada le Yehowa gbɔ, eye womegatutu dada ƒe nuvɔwo ɖa o;

15 ke boŋ woana Yehowa ŋku me ɖaa, eye netsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi!

16 Elabena meɖo ŋku dɔmenyowɔwɔ dzi o, ke boŋ eli hiãtɔ kple ame dahe kpakple amesi ƒe dzi le nu xam la yome be, yeawui.

17 Elɔ̃ fiƒode, eyata neva edzi; yayra ƒe nu menyo eŋu o, eyata nenɔ adzɔge nɛ!

18 Eta fiƒode abe avɔ ene, eyata neɖo lãme nɛ abe tsi ene kple eƒe ƒuwo me abe ami ene!

19 Nenye eƒe avɔ, si wòtana, kple alidziblanu si wòblaa ali dzi ɖaae!

20 Esia nenye nye ketɔwo kple amesiwo le nye gblɔm ɖe ŋunye la, ƒe fetu tso Yehowa gbɔ!

21 Ke wò, Aƒetɔ Yehowa, wɔ nam le wò ŋkɔ la ta; esiwò amenuveve nyo ŋuti la ɖem!

22 Elabena hiãkpela kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi ɖe dɔme nam.

23 Nenye yi abe vɔvɔli, si le to ɖom la ene, eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene.

24 Nye klo zu hehe le nutsitsidɔ ta, eye ami no le lã me nam.

25 Nyea mezu alɔmeɖenu na wo, wokpɔm, eye woʋuʋu ta.

26 Kpe ɖe ŋunye, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam le wò amenuveve la nu!

27 Ekema woadze sii be, wò asie nye esia, eye wò Yehowa ye wɔe.

28 Woaƒo fi ade faa, ke wò la, ayra tsã; ne wotso ɖe ŋunye hã, woaɖu ŋukpe; ke wò dɔla ya akpɔ dzidzɔ.

29 Nye ketɔwo ata vlododo, eye woado ŋukpe abe awu ʋlaya ene.

30 Matsɔ nye nu ada akpe na Yehowa vevie, eye makafui le ame geɖewo dome.

31 Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan