Psalmowo 107 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913AGBALẼ ATƆ̃LIA. Amesiwo yɔ Yehowa le hiã me, eye wòɖe wo la, ƒe akpedaha dzidzi. 1 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! 2 Amesiwo Yehowa de la, negblɔ alea, amesiwo wòɖe le xaxa me, 3 eye wòƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, tso anyiehe kple dziehe la! 4 Wotre mɔ le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi mɔ mele o; eye womekpɔ du, si me woanɔ o. 5 Dɔ kple tsikɔ wu wo, nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me. 6 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me; eɖe wo tso woƒe xaxa me 7 hekplɔ wo to mɔtata dzi, ne woayi du, si me woanɔ la me. 8 Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta! 9 Elabena ena luʋɔ tsikɔwuwo ɖi kɔ, eye wòtsɔ nu nyui di ƒo na luʋɔ dɔwuiwo. 10 Wobɔbɔ nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wobɔ pã wo ɖe hiã kple ga me. 11 Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede, 12 ale be wòtsɔ hiãkame bɔbɔ woƒe dzi ɖe anyi, womu ya, ke xɔnametɔa ɖeke meli ti. 13 Tete woɖo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me. 14 Eɖe wo tso viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wòtso woƒe gawo. 15 Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta! 16 Elabena egbã akɔbligbowo, eye wòfli ga yibɔ gametiwo. 17 Bometsilawo wonye, amesiwo kpe fu le woƒe dzidadawo kple woƒe vodadawo ta. 18 Nuɖuɖuwo katã nyɔ ŋu na woƒe luʋɔ, ale be woɖo ku ƒe agbo nu. 19 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me. 20 Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me. 21 Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta; 22 woawo nesa akpedavɔ, eye woatsɔ aseyetsotso axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia! 23 Wole ʋuwo me zɔ atsiaƒu dzi, eye wotsa asi le tɔ gãwo dzi. 24 Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe nukunuwo le tɔ gɔme. 25 Eƒo nu, eye ahomya tso hemli eƒe tsotsoewo. 26 Woyi dzi hoo hedze abu me; woƒe luʋɔ lolo gbanaa le xaxa me. 27 Wole totrom le ya nu, eye wole mumum ahe ahamula ene; eye woƒe nunyawo katã mele ɖeke me o. 28 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo me. 29 Ena ahom la dze anyi kpoo, eye eƒe tsitsotsoeawo ɖo ho to. 30 Dzi dzɔ wo be, ɖoɖoe zi le wo nu, eye wòkplɔ wo ɖe ʋutɔkɔ ɖe woƒe didi nu. 31 Woada akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔvlwo la ta; 32 woadoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe takpekpe me, eye woakafui le ame tsitsiwo ƒe adaŋu me! 33 Ewɔ tɔsisiwo wòzu gbegbe kple tsidzɔƒewo wozu kuɖinyigba, 34 anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. 35 Etrɔ gbegbe wòzu tsi ta kple kuɖinyigba wòzu tsidzɔƒe. 36 Etsɔ dɔwuitɔwo ɖo afima, ne woatso du, si me woanɔ; 37 woaƒã nu ɖe agble me, woade weingblewo, eye woaŋe agble me nukuwo. 38 Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o. 39 Wozu ʋee, eye dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa ƒe agba te wo ɖe anyi. 40 Etrɔ vlododo kɔ ɖe ame ŋkutɔwo dzi, eye wòna wotra mɔ le gbegbe, afisi mɔa ɖeke mele o. 41 Ke ekɔ ame dahe ɖe dzi tso hiã me, eye wòwɔ eƒe ƒome abe lãha ene. 42 Dzime dzɔdzɔe tɔwo kpɔe, eye dzi dzɔ wo, eye vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã miã nu. 43 Amesi nye nunyala la, nelé ŋku ɖe esia ŋu, eye wòadze si Yehowa ƒe amenuveve! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana