Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 106 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe ɖɔmenyo kple dukɔ la fe nuvɔ̃wo.

1 Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!

2 Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?

3 Woayrã amesiwo léa se la me ɖe asi, eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɣeawo katã ɣli.

4 Yehowa, ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve, si nèɖe fi wò dukɔ la nu; tsa wò xɔname va kpɔm ɖa,

5 ne makpɔ wò ame tiatiawo ƒe dzɔgbenyuie, dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ ƒe dzidzɔ ŋu, eye maƒo adegbe akpe ɖe wò domenyinu ŋu!

6 Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.

7 Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.

8 Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia.

9 Eblu ɖe Avaƒu la ta wòmle, eye wòkplɔ wo to tɔ gɔme abe tagba ene.

10 Exɔ na wo tso ketɔ la si me, eye wòɖe wo mo futɔ la ƒe ŋusẽ me.

11 Tsi nye tsyo woƒe adikãtɔwo dzi, wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o,

12 eye woxɔ eƒe nyawo dzi se hedzi ha le eƒe kafukafu ŋu.

13 Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be kaba, eye womekpɔ eƒe tameɖoɖo sinu o.

14 Wodzro nu le gbedzi, eye wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.

15 Ewɔ woƒe didi dzi na wo, eye wòdɔ ƒuɖiɖi glaŋglaŋ ɖe wo ŋu.

16 Eye woʋã ŋu Mose le asaɖa me kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe Aron.

17 Anyigba ke nu hemi Datan, eye wòtsyɔ Abiram ƒe amehawo dzi.

18 Dzo bi woƒe amehawo, eye dzoƒaɖe fiã ame vɔ̃ɖiawo.

19 Wowɔ nyivi le Xoreb gbɔ, eye wode ta agu na legba kɔkɔ la.

20 Eye wotsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nyitsu, si ɖua gbe, ƒe nɔnɔme.

21 Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte,

22 amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu.

23 Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!

24 Wodo vlo anyigba nyo la, eye womexɔ eƒe nyawo dzi se o,

25 woli liʋiliʋi le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa ƒe gbe o.

26 Tete wòkɔ eƒe asi dzi ɖe wo ŋu, be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi,

27 yeakaka wo viwo ɖe dukɔwo dome, eye yeahlẽ wo de anyigbawo dzi.

28 Woku ɖe Baal-Peor ŋu, eye woɖu eme kukuwo ƒe vɔsa,

29 wotsɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖo dziku nɛ, eye fuwɔame ɖo wo dome.

30 Tete Pinexas tso hetso nyo la me, eye fuwɔame la nu tso.

31 Eye wobui dzɔdzɔenyenye na eya kple eƒe dzidzimeviwo katã tegbee.

32 Wodo dziku nɛ le dzrewɔtsi la gbɔ, eye le woawo la eme menyo na Mose o ɖo.

33 Wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ, eye nya ge le enu.

34 Wometsrɔ̃ dukɔwo, abe alesi Yehowa gblɔe na wo ene o,

35 ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo.

36 Wosubɔ woƒe legbawo, eye wotre zu mɔ na wo,

37 Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo.

38 Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.

39 Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.

40 Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.

41 Etsɔ wo de asi na dukɔwo, be woƒe ketɔwo naɖu fia ɖe wo dzi.

42 Woƒe futɔwo xaxa wo ɖo, ale be wobɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te.

43 Exɔ na wo zi geɖe; ke woawo se to le woƒe aɖaŋudedewo nu, eye woyi to le woƒe vodadawo me.

44 Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli.

45 Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu.

46 Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.

47 Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!

48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan