Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 105 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu kafukafu to Israel ƒe tsã ŋutinya me.

1 Mida akpe na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔ, eye miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome!

2 Midzi ha nɛ, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋu!

3 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu; amesiwo katã dia Yehowa la, ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!

4 Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ la se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!

5 Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!

6 Mi eƒe dɔlawo, Abraham-ƒomeawo, mi eƒe ame tiatiawo, Yakob-viwo,

7 eya nye Yehowa, mía Mawu la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le anyigbawo kalã dzi.

8 Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee,

9 nu, si wòhla kple Abraham, kple atam, si wòka na Isak,

10 etsɔe wɔ ɖoɖoe na Yakob kple nubablae na Israel tegbee,

11 hegblɔ bena: Wòe matsɔ Kanaan-nyigba na, ne wòanye miaƒe domenyinu ƒe gome!

12 Esime womede ha o, wole ʋee, eye wonye amedzro le edzi ko,

13 eye woho tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, tso fiaɖuƒe gbɔ yi dukɔ bubu gbɔ la,

14 mana amea ɖeke te wo ɖe anyi o, eye wòhe to na fiawo le wo ta.

15 Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃a ɖeke nye nyagblɔdilawo o!

16 Eyɔ dɔwuame va anyigba dzi, eye wòŋe abolo ƒe ziɔɖeŋutiwo katã.

17 Edɔ ŋutsua ɖe ɖe wo ŋgɔ; wotsɔ Yosef dzra kluvii.

18 Womimi eƒe afɔ ɖe atiboli ŋu, eye woɖee kunyowu me,

19 vaseɖe ɣeyiɣi, si eƒe nya va me, eye Yehowa ƒe nuƒoƒo lóloe wòdza.

20 Tete fia la ɖɔ woɖaɖee, dukɔwo dziɖula na woɖe gae.

21 Etsɔe ɖo aƒetɔ ɖe eƒe aƒe nu kple eƒe nuwo katã dzikpɔlae,

22 ne wòabla eƒe amegãwo, alesi dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe ame tsitsiwo.

23 Eye Israel va Egipte, eye Yakob nye amedzro le Xam-nyigba dzi.

24 Eye wòna eƒe dukɔ dzi ŋutɔ, eye wokpɔ ŋusẽ wu woƒe kelɔwo.

25 Etrɔ woƒe dzi, be woalé fu yeƒe dukɔ, eye woado aye ɖe yeƒe dɔlawo ŋu.

26 Edɔ eƒe dɔla Mose kple Aron, si wòtia la ɖa.

27 Ewɔ eƒe dzesiwo le wo dome kple nukunuwo le Xam-nyigba dzi.

28 Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.

29 Ena woƒe towo zu ʋu, eye wowu woƒe tɔmelãwo.

30 Woƒe anyigba dzi gblẽ kple akpɔkplɔwo, keke woƒe fiawo ƒe xɔwo me ke hã.

31 Eƒo nu, tete togbatowo kple mũwo va woƒe anyigba blibo la dzi.

32 Ena tsikpewo wu ɖe tsidzadza teƒe kple dzoƒaɖewo ɖe woƒe anyigba dzi.

33 Eƒo woƒe weinkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòŋe woƒe anyigba dzi tiwo.

34 Eƒo nu, eye ʋetsuviwo kple ʋetrawo ɖo bibibi,

35 eve woɖu numiemiewo katã le woƒe anyigba dzi, eye woɖu woƒe agble me nukuwo.

36 Ewo ŋgɔgbeviwo katã lewoƒe anyigba dzi, woƒe ŋusẽwo katã ƒe ŋgɔgbeawo.

37 Ekplɔ wo dzoe kple klosalo kple sika, eye ame kudɔea ɖeke meno woƒe toawo me o.

38 Dzi dzɔ Egipte le woƒe ʋuʋu la ta, elabena woƒe ŋɔdzi le wo,

39 Ekeke alilikpo tsyɔ wo dzi, eye wòna dzo na zã me kɔ.

40 Wobia nu, eye wòhe tegliwo va; dziƒobolo wòtsɔ di ƒo na woe.

41 Enu agakpe nu, eye tsi ɖuɖu hesi le gbegbe abe tɔsisi ene.

42 Elabena eɖo ŋku eƒe nya kɔkɔe, si wògblɔ na eƒe dɔla Abraham la dzi.

43 Eye wòkplɔ eƒe dukɔ la le dzidzɔ me kple eƒe ame dadawo le aseyetsotso me.

44 Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;

45 ne woalé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu, eye woalé eƒe sewo me ɖe asi. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan