Psalmowo 104 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu kafukafu to eƒe dɔwɔwɔ me. 1 Luʋɔnye, kafu Yehowa! Yehowa, nye Mawu, èlolo ŋutɔ, ètaa gãnyenye kple atsyɔ̃ ɖoɖo. 2 Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene. 3 Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi. 4 Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe. 5 Edo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o. 6 Etsɔ tsi gbana tsyɔ edzi abe avɔ ene; tsi kɔ gbɔ towo ta. 7 Wosi le wò bublu nu, eye wode afɔ du me le wò gbeɖeɖe nu. 8 Towo kɔ dzi, baliwo nyẽ ɖe eme le teƒe, si nèɖo enyi na wo. 9 Eɖo liƒo na wo, womagbɔ edzi o, eye womagbugbɔ atsyɔ anyigba dzi o. 10 Ena tsi dzɔ tso baliwo me, wosi to towo domee: 11 wonaa tsi gbemelãwo katã wonona, gbetedzi faa eƒe tsikɔwuame nu. 12 Dziƒoxewo nɔa wo to, eye wonana wosea wo ŋkɔ le atilɔwo me. 13 Enana towo ƒoa tsi beke tso eƒe dziƒoxɔ me, eye eƒe dɔwɔwɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba. 14 Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me. 15 Wein doa dzidzɔ na amagbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi. 16 Mawu ƒe atiwo ɖia ƒo, Libanon ƒe sederti, siwo wòdo. 17 Afima xewo wɔa ato ɖo, eye damixe tsɔa kpomitiwo me wɔ eƒe aƒee. 18 To kɔkɔwo li na agamegbɔ̃wo, eye agawo nye sitsoƒe na hotoklolowo. 19 Ewɔ ɣleti, ne wòade vovo ɣeyiɣi me: ɣe nya eƒe toɖoƒe. 20 Eɖoa viviti anyi, eye zã dona, eya me ave me lãwo katã ʋãa wo ɖokui lena. 21 Dzataviwo le xɔxlɔ̃m ɖe nuléle ŋu, eye wobiaa woƒe nuɖuɖu tso Mawu si me. 22 Ne ɣe dze la, woƒoa wo ɖokui nu ƒu, eye wotsyɔa akɔ anyi ɖe wo nɔƒe. 23 Amegbetɔ dona yia eƒe nuwɔƒe kple eƒe dɔwɔwɔ dzi vasena ɖe fiẽ. 24 Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo. 25 Atsiaƒu enye si, elolo, eye wòkeke le goawo kple eve me: afima lã suewo kple gãwo siaa, siwo mele xexlẽ me o la, ʋãa wo ɖokui lena; 26 ʋuwo zɔa edzi yina; afima boso, si nèwɔ, be wòafe le eme la le. 27 Wo katã wole asiwò nu kpɔm, be nana nuɖuɖu yewo le enaɣi. 28 Ena wo, eye wofɔe, èʋu wò asi me, eye wodi ƒo kple wò nu nyui. 29 Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me. 30 Ne èɖo wò gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nègawɔa anyigba ƒe ŋku me yeye. 31 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe li tegbee! Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu! 32 Eya, amesi doa mo de anyigba dzi, tete wòdzena nyanyanya, ekaa asi towo ŋu, eye wotua adzudzɔ. 33 Madzi ha na Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; maƒo saŋku na nye Mawu, ŋkeke alesi meli. 34 Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo. 35 Nuvɔ̃wɔlawo atsrɔ̃ le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o! Luʋɔnye, kafu Yehowa! Mikafu Yehowa! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana