Psalmowo 103 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kafu Yehowa 1 Dawid tɔ. Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! 2 Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o! 3 Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu, 4 amesi ɖea wò agbe tso gbegblẽ me, eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò, 5 amesi tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene. 6 Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na amesiwo katã wote ɖe anyi la. 7 Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israel-viwo nya eƒe nuwɔwɔwo. 8 Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. 9 Menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o. 10 Mewɔna na mi de míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. 11 Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. 12 Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe. 13 Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. 14 Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye. 15 Amegbetɔ ƒe agbe la gbe wònye, eƒoa se abe seƒoƒo le gbe me ene. 16 Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o. 17 Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo, 18 na amesiwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋu eƒe seawo, ne woawo wo dzi. 19 Yehowa li eƒe fiazikpui de dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi. 20 Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! 21 Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu! 22 Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã le eƒe dziɖuƒewo katã me! Luʋɔnye, kafu Yehowa! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana