Psalmowo 102 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le fukpekpe me kple kukuɖeɖe ɖe Zion ta. 1 Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me. 2 Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò! 3 Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò! 4 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene. 5 Nye dzi yrɔ, eye wòƒu abe gbe ene; elabena meŋlɔ aboloɖuɖu be. 6 Nye ŋutilã miã ɖe nye ƒu ŋu le nye ŋeŋe sesĩ la ta. 7 Meɖi aluge le gbedzi kple favieʋuto, si le aƒedo me. 8 Alɔ̃dɔdɔ zu dɔ, eye mele abe xevi tsi akogo le xɔta ene. 9 Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye atraɖi, eye amesiwo nyrã ɖe ŋunye la, tsɔm wɔ ɖiŋuɖonui. 10 Elabena mele dzowɔ ɖum abe abolo ene, eye nye nunono tɔtɔ kple aɖatsi 11 le wò dɔmedzoe kple wò dziku la ta, elabena ède asi tanye xlã ɖe anyi. 12 Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli, si ɖo to la ene, eye meƒu abe gbe ene. 13 Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me. 14 Atso àkpɔ nublanui na Zion, elabena enuveɣi ɖo, eye azãgbe la de. 15 Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo. 16 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe. 17 Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me, 18 atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o. 19 Woaŋlɔ esia ɖi na megbeviwo, eye dukɔ, si woava mè la, akafu Yehowa. 20 Elabena ekpɔ nu tso eƒe kɔkɔƒe kɔkɔe la, Yehowa do mo ɖe anyigba dzi tso dziƒo, 21 ne wòase gatɔwo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga kuviwo, 22 ne woaxlẽ nya afia le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu le Zion kple eƒe kafukafu ŋu le Yerusalem, 23 nenye be, dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo kpe ta, be woasubɔ Yehowa. 24 Ebɔbɔ nye ŋusẽ de anyi le mɔ ta, eye wòto nye ŋkekewo ɖe eme. 25 Mele gbɔgblɔm be: Nye Mawu, megana nunye nayi le nye ŋkekewo ƒe domedomee o! Wo ƒewo anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. 26 Gbaɖegbe ke nèdo anyigba gome anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. 27 Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe ava ene, eye àɖɔ li wo woaɖɔ abe awu ene. 28 Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewu nu metsona o. 29 Wò dɔla ƒe viwo anɔ anyi, eye woƒe ƒome ali ke le ŋkuwò me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana