Psalmowo 101 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dziɖulaa ɖe ƒe adzɔgbeɖeɖe. 1 Dawid ƒe ha. Madzi ha le amenuveve kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, wò Yehowa ye madzi kafukafuha na. 2 Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me. 3 Nyemetsɔ nu tovo aɖo ŋku me o, melé fu dzidanuwɔwɔ, malé ɖe ŋunye o. 4 Dzi matomɔɖekɛ nete ɖa le ŋunye, nyemele naneke dim, be manya le nu vɔ̃ɖi ŋu o. 5 Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o. 6 Metsɔ nye ŋku ɖo anyigba dzi nuteƒewɔlawo ŋu, be woana gbɔnye; amesi zɔa maɖifɔmɔ dzi la, eya asubɔm. 7 Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o. 8 Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana