Psalmowo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid do gbe ɖa le alesi futɔwo tee ɖe anyi ŋuti. 1 Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me? 2 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe. 3 Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu. 4 Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi. 5 Eƒe nuwɔwɔ dzea dzi nɛ ɣesiaɣi; wò ʋɔnudɔdrɔ̃ le dziƒo ʋi tso egbɔ, eye wòɖoa ƒuƒu de eƒe ketɔwo katã yome. 6 Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye. 7 Ɖiŋudodo, alakpa kple ŋutasẽnya yɔ nu me nɛ taŋ, eye gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le eƒe ade te. 8 Enɔa xa me ɖe agblekɔƒewo xa, ebena wua ame maɖifɔ, eye wònɔa ŋu tsam na ame kudɔewo. 9 Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ. 10 Eƒonɛ ƒua anyi, eye wòmiminɛ ɖe anyigba: eƒe ŋusẽ nana ame kudɔewo dzea anyi. 11 Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o. 12 Yehowa, tso! Mawu, kɔ wò asi dzi, eye megaŋlɔ hiãtɔ be o! 13 Nukaŋuti ame vɔ̃ɖi le alɔme ɖem le Mawu ŋu le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, mabia eta ase oa? 14 Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo. 15 Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa? 16 Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi. 17 Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi, 18 ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana