Psalmowo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913AGBALẼ GBÃTƆ. Mawuvɔ̃la kple mawumavɔ̃la. 1 Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo fe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o; 2 ke boŋ fekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple kelí. 3 Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie! 4 Ame vɔɖiwo ya mele alea o, ke boŋ wole abe tsro, si ya lɔna ɖe nu ene. 5 Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo mana te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o. 6 Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana