Filipitɔwo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ hena ɖekawɔwɔ, ɖokuibɔbɔ le Kristo ƒe kpɔɖeŋu la nu kple movevieɖoɖo le kristo-tɔgbenɔnɔ me. 1 Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la, 2 ekema miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene miaƒe tamesusu nana ɖeka, le esi lɔlɔ̃ ɖeka ma ke le mia si, eye mietsɔa gbɔgbɔ ɖeka susua nu ɖeka la ŋuti, 3 migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; 4 amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi! 5 Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, 6 amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wòna hã la, mebui nuhahae bena, eye kple Mawu so o, 7 ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame to ene. 8 Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke. 9 Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, 10 bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, 11 eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu. 12 Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu! 13 Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti. 14 Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee, 15 bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame, 16 esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o. 17 Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm. 18 Ke nenema ke miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mikpɔ dzidzo kpakplim! Alesi woaxɔ Timoteo kple Epafrodito. 19 Ke mele mɔ kpam le Aƒetɔ Yesu me bena, madɔ Timoteo aɖo ɖe mia gbɔ kpuie, bena ne menya miaƒe anyinɔnɔme la, nye hã nye dzi nadze eme. 20 Elabena amea ɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o; 21 elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o. 22 Ke mienya eƒe kelili bena, abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me. 23 Azɔ la mele mɔ kpɔm bena, madɔ eya ke aɖo ɖa enumake, esi manya alesi nye nya la lanɔ; 24 ke meɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu bena, nye ŋutɔ hã mava kpuie. 25 Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi; 26 elabena edzroe vevie be, yeakpɔ mi katã, eye wòxa nu ŋutɔ bena, miese eŋkɔ be, dɔ dze edzi. 27 Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o. 28 Eyaŋuti meɖoe ɖa kaba wu bena, ne miegakpɔe la, míakpɔ dzidzɔ, eye nye hã nye nuxaxa dzi nagaka aɖe. 29 Eyaŋuti la mixɔe le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ katã, eye mibu amesiawo tɔgbe. 30 Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana