Nyaɖeɖefia 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amesiwo nu wotre le to wuieveawo dome. 1 Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o. 2 Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena: 3 Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu. 4 Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me: 5 Le Yuda ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Ruben ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Gad ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; 6 le Aser ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Naftali ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Manase ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; 7 le Simeon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu: le Lewi ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Isaxar ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; 8 le Zebulon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Yosef ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Benyamin ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu. Ameha gã, si wotia tso dukɔwo katã dome. 9 Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, 10 eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! 11 Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: 12 Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. 13 Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã? 14 Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me. 15 Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome. 16 Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o; 17 elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana