Nyaɖeɖefia 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Agbalẽ, si woŋlɔ ɖo ɖo hamedzikpɔla kple hame, si le Sardes. 1 Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku. 2 Nɔ ŋudzɔ, eye nado ŋusẽ nusiwo susɔ le kuku ge la; elabena nyemekpɔ wò dɔwɔwɔwo le blibo le nye Mawu ƒe ŋku me o. 3 Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o. 4 Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋeea ɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze. 5 Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me. 6 Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo. Agbalẽ, si woŋlɔ ɖo ɖe hamedzikpɔla kple hame, si le Filadelfia. 7 Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena: 8 Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋeea ɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye megbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o? 9 Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò. 10 Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me. 11 Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o. 12 Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu. 13 Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo. Agbalẽ, si woŋlɔ ɖo ɖe hamedzikpɔla kple hame si le Laodikea. 14 Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena: 15 Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. 16 Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. 17 Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. 18 Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu. 19 Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me? 20 Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim. 21 Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene. 22 Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana