Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyaɖeɖefia 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbetsi kple agbeti. Yayratɔwo ƒe ɖekawɔwɔ kple Mawu.

1 Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.

2 Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.

3 Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe,

4 eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.

5 Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Nuxɔxlɔ̃.

6 Eye wògblɔ nam bena: Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la, dɔ eƒe dɔla, bene wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo.

7 Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.

8 Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu.

9 Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!

10 Eye wògblɔ nam bena Megade agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo nu o; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.

11 Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.

12 Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.

13 Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu:

14 Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.

15 Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.

16 Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.

17 Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Nuwunyawo.

18 Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ,

19 eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.

20 Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!

21 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo katã! Amen.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan