Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nyaɖeɖefia 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzidzɔhadzidzi le Babel mumu ŋuti.

1 Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ;

2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.

3 Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

4 Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa!

5 Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo!


Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuɖu.

6 Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!

7 Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.

8 Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.

9 Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.

10 Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Kristo ƒe dodo.

11 Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;

12 eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu;

13 eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya.

14 Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.

15 Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.

16 Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Lã la kple aʋatsonyagblɔlawo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe dzota la me.

17 Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ,

18 bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã.

19 Eye mekpɔ lã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la.

20 Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.

21 Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan