Nyaɖeɖefia 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Hadzilawo le ahũhɔ̃eƒu nu. 1 Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le. 2 Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me bia hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre de atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si. 3 Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! 4 Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia. Fu wɔ ame adre mlɔeawo. Dzadzraɖo hena dɔmedzoekplu adreawo kɔkɔɖanyi. 5 Eye esia megbe la mekpe, eye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe gbedoxɔ le ʋuʋu le dziƒo; 6 eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo. 7 Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo. 8 Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana