Nehemia 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dukɔ la ƒe dzimetɔtrɔ. 1 Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo. 2 Eye Israel-ƒome la ɖe eɖokui ɖa tso amedzroviwo katã dome, eye wote va heʋu woƒe nuvɔ̃wo kple wo fofowo ƒe vodadawo me. 3 Wotsi tre ɖe wo teƒe, eye wotsɔ ŋkeke la ƒe akpa enelia xlẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe segbalẽ lae, eye wotsɔ akpa enelia ʋu wo ɖokui mea, eye wode ta agu ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋku me. 4 Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la. 5 Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta. 6 Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò. 7 Wòe nye Yehowa Mawu, amesi tia Abram, eye nẽkplɔe tso Ur-Kaldea hetsɔ ŋkɔ ne be Abraham. 8 Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye. 9 Ekpɔ mía fofowoƒe hiã le Egipte, eye nèse woƒe ɣli le Avaƒu la nu. 10 Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene. 11 Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene. 12 Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo. 13 Eɖi va Sinai-to la dzi, eye nẽƒo nu kpli wo tso dziƒo; èna kɔnu dzɔdzɔewo, nufiame, siwo le eteƒe, kpakple ɖoɖo kple se nyuiwo wo. 14 Ena wonya wò dzudzɔgbe kɔkɔe la, eye nègblɔ sewo, ɖoɖowo kple nufiamewo na wo towò dɔla Mose dzi. 15 Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo, eye nègblɔ na wo be, woade anyigba, si nèdɔ wò alɔ de dzi be, yeatsɔ na wo la dzi axɔe woanye wo tɔ. 16 Ke mía fofowo da, eye wolia kɔ, womeɖo towò seawo o, 17 wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o. 18 Esi wokɔ nyivi na wo ɖokui hegblɔ bena: esia nye wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte, eye wobɔ ahɔhlɔ̃ ga hã la, 19 mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o. 20 Ena wò gbɔgbɔ nyui la wo, ne wòafia nu wo; mète wò mana le woƒe nu o, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo. 21 Ƒe blane sɔŋ nènyi wo le gbea dzi, eye naneke mebia wo o; woƒe avɔwo medo xoxo o, eye woƒe afɔwo mete o. 22 Etsɔ fiaduƒewo kple dukɔwo, siwo nèkaka ɖe afisiafi la, de asi na wo; eye woxɔ Sixon ƒe anyigba, Xesbon-fia ƒe anyigba kple Basan-fia Og ƒe anyigba wonye wo ta. 23 Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi. 24 Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu. 25 Woxɔ nu sesẽwo kple anyigba wɔnuwo, eye woxɔ aƒe, siwo me kesinɔnu geɖewo le fũ, kple vudo ɖeɖewo, weingblewo kple amitiwo kpakple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ; woɖu nu ɖi ƒo ɖa ami, eye wonɔ agbe vivi le wò kesinɔnu geɖeawo me. 26 Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga. 27 Eyata nètsɔ wo de asi na woƒe ketɔwo, eye woxaxa wo ɖo; woɖo ɣli na wò le woƒe xaxaɣi la me, eye nèsee le dziƒo heɖo xanametɔwo na wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu, amesiwo ɖe wo tso woƒe ketɔwo si me. 28 Ke esi wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ nu vɔ̃ɖi le ŋkuwò me; tete nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wonyã avuzi le wo dzi; emegbe wogado ɣli na wò, eye nèsee le dziƒo heɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu zi geɖewo. 29 Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo. 30 Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo. 31 Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye. 32 Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o! 33 Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo. 34 Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o. 35 Eye esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo, siwo nètsɔ na wo dome, eye wole anyigba nyadri wɔnu, si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o. 36 Kpɔ ɖa, míezu ɖɔlawo egbe siawo; anyigba, si nètsɔ na mía fofowo, be woaɖu edzi kutsetsewo kple edzi nu nyuiwo la dzie míezu dɔlawo le. 37 Edzi agblemenu wo le dzidzim ɖe dzi na fia, siwo nètsɔ ɖo mía nu le míaƒe nuvɔ̃wo ta la, woɖu míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi, alesi dze wo ŋu, eye míeɖo xaxa gã me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana