Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nehemia 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Du ŋudzɔla wo dɔdɔ.

1 Esime woɖo gliawo, eye mede agboawo vɔ la, woɖo agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Lewi-viwo.

2 Eye meɖo nɔvinye Xanani kple mɔ̃ la ƒe amegã Xananya Yerusalem nu, elabena enye anukwaretɔ kple mawuvɔ̃la wu ame bubu geɖewo.

3 Eye megblɔ na wo bena: Womekpɔ mɔ aʋu Yerusalem-gboawo, vaseɖe esime ŋɖɔ naʋu o, eye woado agboawo ade gameti wo me, ne dzɔlawo le wo teƒewo. Eye woɖe dzɔlawo tso Yerusalemtɔwo dome, amesiame le enɔƒe le eƒe aƒe kasa.

4 Du la nyadri, eye wòlolo, ke amesiwo le eme la, mesɔ gbɔ o, eye womekpɔ tu xɔwo o.


Dukɔ la xexlẽ.

5 Tete nye Mawu dee dzi me nam be, maƒo bubumewo, amegãwo kple dukɔ la nu ƒu, ne maŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Eye mekpɔ amesiwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimegbalẽ, eye ale woŋlɔ ɖe eme enye si.

6 Anyigbadzitɔ, siwo gbɔ tso aboyo me, amesiwo Nehukadnezar, Babel-fia ɖe aboyoe yi Babel, eye wogbɔ va Yerusalem kple Yuda, amesiame yi eƒe du me la, wonye si;

7 wogbɔ kple Zerubabel, Yesua, Nexemya, Azarya, Raamya, Naxamani, Mardoxai, Bilsan, Misperet, Bigewai, Nexum kple Baana. Israel-dukɔ la ƒe ŋutsuwo ƒe xexlẽme enye si:

8 Pareos viwo le eme akpe eve alafa ɖeka kple blaadre vɔ eve.

9 Sefatya viwo le eme alafa etɔ̃ kple blaaɖre vɔ eve.

10 Arax viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve.

11 Paxat-Moab viwo, siwo tso Yesua kple Yoab viwo dome la, le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi.

12 Elam viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ vɔ ene.

13 Zatu viwo le ame alafa enyi kple blane vɔ atɔ̃.

14 Zakai viwo le ame alafa adre kple blaade.

15 Binui viwo le ame alafa ade kple blane vɔ enyi;

16 Bebai viwo le ame alafa ade kple blave vɔ enyi.

17 Azgad viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blave vɔ eve.

18 Adonikam viwo le eme alafa ade kple blaade vɔ adre.

19 Bigewai viwo le ame akpe eve kple blaade vɔ adre.

20 Adin viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃.

21 Ater viwo, siwo nye Xizkiya-hawo, le ame blaasieke vɔ enyi.

22 Xasum viwo le ame alafa etɔ̃ kple blave vɔ enyi.

23 Bezai viwo le ame alafa etɔ̃ kple blave vɔ ene.

24 Xarif viwo le ame alafa ɖeka kple wuieve.

25 Gibeon viwo le ame blaasieke vɔ atɔ̃;

26 Betlexem-ŋutsuwo kple Netofa-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blanyi vɔ enyi.

27 Anatot-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blave vɔ enyi.

28 Bet-Asmawet-ŋutsuwo le ame blane vɔ eve.

29 Kiryat-Yearim-ŋutsuwo, Ketira-ŋutsuwo kple Beerot-ŋutsuwo le ame alafa adre kple blane vɔ etɔ̃.

30 Rama-ŋutsuwo kple Geba-ŋutsuwo le ame alafa ade kple blave vɔ ɖekɛ.

31 Mixmas-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blave vɔ eve.

32 Betel-ŋuisuwo kple Ai-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka kple blave vɔ etɔ̃.

33 Nebo evelia ƒe ŋutsuwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve.

34 Elam evelia ƒe ŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ vɔ ene.

35 Xarim viwo le ame alafa etɔ̃ kple blave.

36 Yerixo viwo le ame alafa etɔ̃ kple blane vɔ atɔ̃;

37 Lod viwo, Hadid viwo kple Ono viwo le ame alafa aɖre kple blave vɔ ɖekɛ.

38 Senaa viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃.

39 Nunɔlawo: Yedaya, amesi tso Yesua ƒe me la ƒe viwo le ame alafa asieke kple blaadre vɔ etɔ̃.

40 Imer viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve;

41 Pasxur viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blane vɔ adre;

42 Xarim viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre.

43 Lewi-viwo; Yesua kple Kadmiel, amesiwo tso Hodeya viwo dome la ƒe viwo le ame blaadre vɔ ene.

44 Hadzilawo: Asaf viwo le ame alafa ɖeka kple blane vɔ enyi.

45 Agbonudzɔlawo: Salum viwo, Ater viwo, Talmon viwo, Akub viwo Xatita viwo kple Sobai viwo, wole ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ enyi.

46 Gbedoxɔ me dɔwɔlawo: Zixa viwo, Xasufa viwo, Tabaot viwo,

47 Keros viwo, Sia viwo, Padon viwo,

48 Lebana viwo, Xagaba viwo, Salmai viwo,

49 Xanan viwo, Gidel viwo, Gaxar viwo,

50 Reaya viwo, Rezin viwo, Nekoda viwo,

51 Gazam viwo, Uza viwo, Paseax viwo,

52 Besai viwo, Meunitɔwo ƒe viwo, Nefusitɔwo ƒe viwo,

53 Bakbuk viwo, Xakufa viwo, Xarxur viwo,

54 Bazlut viwo, Mexida viwo, Xarsa viwo,

55 Barkos viwo, Sisera viwo, Temax viwo,

56 Neziax viwo kple Xatifa viwo.

57 Salomo ƒe dɔlawo viwo nye: Sotai viwo, Soferet viwo, Perida viwo,

58 Yaala viwo, Darkon viwo, Gidel viwo,

59 Sefatya viwo, Xatil viwo, Poxeret-Hazebayim viwo kple Amon viwo.

60 Gbedoxɔ me dɔwɔlawo katã kple Salomo ƒe dɔlawo viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasieke vɔ eve.

61 Amesiwo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa, Kerul, Adon kpakple Imer va, eye womete ŋu fia woƒe aƒekɔwo alo woƒe dzɔdzɔme be, Israel yewotso o la, wonye:

62 Delaya viwo, Tobiya viwo kple Nekoda viwo, wole ame alafa ade kple blane vɔ eve.

63 Amesiwo tso nunɔlawo dome, wonye: Xabaya viwo, Hakoz viwo kple Barzilai, amesi ɖe srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai vinyɔnuwo dome, eye woyɔe le nyɔnua ƒe ŋkɔ nu la ƒe viwo.

64 Amesiawo di woƒe dzidzimegbalẽ, gake womekpɔe o, eyata woɖe nunɔlanyenye la le wo dzi.

65 Eye anyigbanua dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe-tɔwo ƒe ɖeke o, vaseɖe esime nunɔla natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.

66 Ameka blibo la le ame akpe blane vɔ eve alafa etɔ̃ kple blaade.

67 Woƒe dɔlaŋutsuwo kple woƒe dɔlanyɔnuwo mele eme o, woawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃ vɔ adre. Woƒe hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo le ame alafa eve kple blane vɔ atɔ̃.

68 Woƒe sɔwo le alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, woƒe tedzisɔwo le alafa eve kple blane vɔ atɔ̃,

69 kposɔwo le alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye tedziwo le akpe ade alafa adre kple blave.


Nudzɔdzɔ nana faa.

70 Aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu. Nusiwo anyigba dzikpɔla na hetsɔ de kesinɔnu la me la, wonye: sika dariko akpe ɖeka, ʋutre blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe dziwui alafa atɔ̃ kple blaetɔ.

71 Nusiwo aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na hetsɔ de kesinɔnuawo me de dɔ la, wonye: sika dariko akpe blave, klosalo mine akpe eve kple alafa eve.

72 Nusiwo dukɔ mamlea na la, wonye: sika dariko akpe blave, klosalo mine akpe eve kple nunɔlawo ƒe dziwui blaade vɔ adre.

73 Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo, agbonudzɔlawo kple hadzilawo kple amesiwo tso dukɔ la me, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Israel blibo la nɔ woƒe duwo me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan