Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nehemia 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nexemya meɖe to futɔwo ƒe nyawo o, ewo glia ɖoɖo nu.

1 Eye wòva me, esime Sanebalat, Tobiya kple Arabiatɔ Gesem kpakple míaƒe tutɔ mamleawo se be, mede gliawo, eye gbagbãƒea ɖeke megale eŋu o la, — vaseɖe ɣemaɣi la, nyiemekpɔ de agbo mɔnuwo nu haɖe o —

2 tete Sanebalat kple Gesem woɖo ame ɖem, be woagblɔ nam bena: Va, ne míakpe le kɔƒeawo me le Onobali la me! Ke ɖe woɖo ɖe ta me be, yewoawɔ vɔ̃m.

3 Eye medɔ ame ɖo ɖe wo, be woagblɔ na wo bena: Dɔ gã dzi mele, eyata nyemate ŋu ava o. Nukaŋuti dɔ la atsi akpo dzi, eye magblẽe ɖi adzo va mia gbɔa?

4 Woɖo ame ɖem alea zi ene, eye meɖo ŋu na wo alea.

5 Tete Sanebalat ɖo eƒe ɖekakpui ɖem zi atɔ̃lia, eye wòlé agbalẽ, si nu wometre o la, ɖe asi.

6 Ale woŋlɔ ɖe eme enye si: Eɖi le dukɔwo dome wose, eye Gasmu be, mia kple Yudatɔwo mieɖo be, yewoadze aglã, eyata nele glia ɖom, eye nele didim be, yeanye woƒe fia; kple nya bubuwo.

7 Edo nyagblɔdilawo hã, ne woaɖe gbe ƒã le ŋuwò le Yerusalem be: Fia le Yuda si! Azɔ nya sia le fia la gbɔ de ge. Eyata va, ne míade adaŋu kple mía nɔewo.

8 Tete medɔ ame ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Nya, siwo nése la, mele eme o, boŋ wò ŋutɔe kpa wo tso wò la me.

9 Elabena wo katã le didim be, yewoado ŋɔdzi na mí hele susum be, woƒe asiwo ado agblɔ de dɔ la ŋu, eye womawu nu o. Eyata do ŋusẽ nye asiwo!

10 Eye meyi Semaya, Mehetabeel vi Delaya ƒe vi, amesi do ʋɔ ɖe eɖokui nu la ƒe me, eye wògblɔ bena. Mina míayi gbedoxɔ gãtɔ me le mawuƒe la me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo; elabena wogbɔna wu wò ge; zã mee wogbɔna wu wò ge.

11 Tete meɖo ŋu bena: Ame abe nyee ene nana? Nyemayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.

12 Medze sii be, menye Mawue dɔe o; elabena ɖeko wògblɔ nya ɖi ɖe ŋunye, le esi Tobiya kple Sanebalat wodae ŋunye la ta.

13 Eyata wodae ɖo, be mavɔ̃, eye mawɔ alea ahawɔ nuvɔ̃, ne nya vɔ̃ naɖi woase ahatsɔ aɖe alɔmee le ŋunye.

14 Nye Mawu, ɖo ŋku Tobiya kple Sanebalat dzi le woƒe nuwɔwɔ siawo nu hekpe ɖe nyɔnunyagblɔɖila Noadia kple nyagblɔɖila susɔeawo, siwo be, yewoado ŋɔdzi nam la ŋuti.

15 Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ va eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.

16 Esime míate futɔwo katã see la, vɔvɔ̃ ɖo dukɔ, siwo katã ƒo xlã mi godoo va kpe la, eye dzi ɖe le wo ƒo, eye wodze sii bena, mía Mawu gbɔ ɖɔ sia tso wowɔ.

17 Le ɣemaɣi la Yuda bubumewo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Tobiya edziedzi, eye Tobiya hã ɖoe ɖe wo.

18 Elabena dzoɖuxɔlɔ̃ geɖewo le esi le Yuda, elabena eya nye Sexanya, Arax vi ƒe to, eye via ɖe Berexya vi Mesulam ƒe vinyɔnu.

19 Woƒo nu nyuie hã le eŋu nam, eye woɖo nye nyawo ɖe egbɔ. Ale Tobiya ɖo agbalẽ ɖa, be yeatsɔ ado ŋɔdzi nam enye si.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan