Nehemia 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nexemya de ame dahewo ƒe fukpekpe ɖa. 1 Eye dukɔ la kple wo srɔ̃wo ƒe ɣli ɖi hoo de wo nɔvi Yudatɔwo ŋuti, 2 Amea ɖewo gblɔ be: Mía viŋuisuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ, ele na mi be, míaƒle bli aɖu, ne míatsi agbe! 3 Amea ɖewo gblɔ be: Míatsɔ míaƒe agblewo, míaƒe weingblewo kple míaƒe xɔwo aɖo awɔba aƒle blii le ɖɔŋɔli la. 4 Eye ame bubuwo gblɔ bena: Míetsɔ míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo ɖo awɔba, bena míate ŋu adzɔ nu na fia la. 5 Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ! 6 Esi mese woƒe ɣli kple nye siawo la, dɔme vem ŋutɔ. 7 Tete mede ŋugble, eye mehe nye ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu gblɔ nu wo bena: Miele mía nɔviwo tafam! Eye meɖi ʋɔnu gãa ɖe ɖe wo ŋu 8 gblɔ na wo bena: Míawo míexɔ mía nɔvi Yudatɔ, siwo wotsɔ dzra na dukɔwo la ƒle, alesi míete ŋui ko la, eye azɔ miawo mietsɔ mia nɔviwo le dzadzram, eye wole wo dzram na mía? Ke wozi kpi, eye womekpɔ nyaa ɖeke ɖo eŋu o. 9 Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea? 10 Mía kple nɔvinyewo kple nye ɖekakpuiawo hã míedo ge kple bli gbana na wo; mina míatsɔ fe la ake wo dzro! 11 Migbugbɔ woƒe agblewo, weingblewo kple amitigblewo kple woƒe xɔwo kpakple ga kple bli, wein kple ami ƒe alafaliawo ɖeka, siwo mieɖo na wo la, na wo egbea! 12 Tete wogblɔ bena Miagbugbɔ wo ana, eye míabia naneke tso wo si o; miawɔ, abe alesi nègblɔ ene! Meyɔ nunɔlawo vɛ, eye mene woka atam be, woawɔ nya sia dzi. 13 Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi. Nexemya zu dufia; gake menye viɖenu ta o. 14 Tso gbemagbe, esi wode se nam be, mazu anyigba dzikpɔla le Yuda-nyigba dzi la, mia kple nɔvinyewo míeɖu anyigba dzikpɔnu o ƒe wuieve sɔŋ, tso fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia dzi vaseɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia dzi. 15 Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta. 16 Nye hã mekpe asi ɖe gliɖodɔ sia ŋu eye míeƒle agblea ɖeke o, eye nye ɖekakpuiwo katã kpe ta ɖe ɖɔ la ŋu le afima. 17 Yudatɔwo kple amegãwo, ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃, kpakple amesiwo tso dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo dome va la, siaa nɔa nye kplɔ̃ ŋu. 18 Nusiwo woɖana gbesiagbe la, wonye: nyitsu ɖeka, alẽ tiatia aɖe kple xewo; nusiawo woɖana ɖe nye ŋutɔ nye akɔta dzi; hekpe ɖe wein vovovowo ŋu fu ɖe ŋkeke ewo nu; to egbɔ hã nyemebia anyigba dzikpɔnu o, elabena ɖɔ la nu se na dukɔ la. 19 Nye Mawu, edo ŋku nusiwo katã mewɔ na dukɔ la dzi nam hena nye nyui. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana