Nehemia 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tu futɔwo ƒe fewuɖuɖu kple nyanyrã gbɔ hã la wodo glia yi dzi. 1 Ke esi Sanebalat kple Tobiya, Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kpakple Asdodtɔwo se be, woɖɔ Yerusalem ŋu gliwo ɖo, eye gbagbãƒeawo ɖe asi xexe me la, dzi ku wo ŋutɔ, 2 eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme. 3 Ke míawo míedo gbe ɖa na mía Mawu la, eye míeɖe dzɔlawo ɖo wo ŋu keli kple zã le wo ta. 4 Tete Yuda gblɔ bena: Ŋusẽ vɔ le agbatsɔlawo ŋu, eye anyiglãgoawo sɔ gbɔ akpa, eye míate ŋu aɖo gli la o. 5 Tete míaƒe futɔwo gblɔ bena; Womegadze sii o, eye womegakpɔ mi o, vaseɖe esime míaɖo wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la nu natso. 6 Ke esi Yudatɔ, siwo tso teƒewo katã le wo gbɔ la, va gblɔ na mi zi ewo be, mítrɔ va yewo gbɔ la, 7 tete mede amewo do anyigbe gome le glia godo le gbagbagbe; meɖo dukɔ la le woƒe ƒomeawo nu, eye wole woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi. 8 Eye mekpɔe hetsi tre gblɔ na bubumewo, amegãwo kple ame susɔeawo bena: Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒelɔ gã dziŋɔ la dzi, eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta! 9 Esime míaƒe futɔwo se be, míenyae, nye Mawu gblẽ woƒe tameɖoɖo me la, tete mí katã míetrɔ va gli la gbɔ, eye amesiame yi eƒe dɔ dzi. 10 Tso gbemagbe nye ɖekakpuiawo ƒe afa woa dɔ, eye afa evelia léa akplɔ, akpoxɔnu kple da ɖe asi, eye wodo gawu, eye amegãwo tsi tre ɖe Yuda ƒe aƒe blibo la megbe. 11 Amesiwo le gli ɖom kple agbatsɔlawo siaa tso asi ɖeka le dɔ wɔmi, eye wotsɔ asi ɖeka lé aʋawɔnuwo ɖe asi. 12 Amesiwo le glia ɖom hã, ta yi ɖe ali hafi le glia ɖom, eye kpẽkula tsi tre ɖe axanye. 13 Tete megblɔ na bubumeawo kple amegãwo kpakple ame mamleawo bena: Dɔ la sɔ gbɔ, eye wòkeke ta, míekaka ɖe gli dzi, eye amesiame le adzɔge tso nɔvia gbɔ. 14 Teƒe, si miase kpẽ ƒe ɖiɖi le la, afima miakpe ta ɖe mía gbɔ ɖo; mía Mawu awɔ ana na mí! 15 Alea míewɔ dɔ lae; woƒe afa léa akplɔ de asi tso agudzedze me, vaseɖe esime ɣletiviwo tona. 16 Megbiɔ na dukɔ la ɣemaɣi hã bena: Amesiame kple eƒe ɖekakpui natsi Yerusalem ɖɔ, ne woa-nye dzɔlawo na mi le zã me, eye woawɔ ɖɔ le ŋkeke me, 17 Mia kple nɔvinyewo kple nye ɖekakpuiwo kpakple ŋutsu, siwo nye dzɔlawo le yonyeme la, míeɖe míaƒe awuwo ɖi kpɔ o, eye amesiame ƒe aʋawɔnu le exa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana