Nehemia 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Alesi wotu Yerusalem gliawoe. 1 Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ. 2 Yerixo-ŋutsuwo kpe ɖe eŋu le gliaɖoɖo me, eye Sakur, Imri vi, hã kpe ɖe eŋu le glia ɖoɖo me. 3 Sena viwo ɖe tɔmelãgbo la wokpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu: 4 Meremot, Hakoz vi Uriya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, Mesulam, Mesezabeel vi Berexya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Zadok, Baana vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me. 5 Eye Tekoatɔwo kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, ke woƒe bubumewo meɖe la woƒe Aƒetɔ ƒe dɔ la te o. 6 Yoyada, Peseax vi, kple Mesulam, Besodya vi, wode agbo xoxo la woli kpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu. 7 Eye Gibeontɔ Melatya kple Melonotitɔ Yadon kpakple Gibeon-ŋutsuwo kple Mizpa-ŋutsuwo, amesiwo dea anyigba dzikpɔla, si le tɔsisi la ƒe go keme ƒe zikpui ŋgɔ la, kpe de wo ŋu le glia ɖoɖo me. 8 Uziel, Xarhaya vi, amesi tso sikanutulawo dome la, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Xananya, amesi tso ami ʋeʋẽe ɖalawo dome la, kpe de eŋu glia ɖoɖo me; eye wodra Yerusalem ɖe enu vaseɖe gli keke la gbɔ. 9 Eye Refaya, Xur vi, amesi nye Yerusalem-nutowo me ƒe afa ƒe amegã la, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me. 10 Yedeya, Xarumaf vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me tso eƒe aƒe kasa, eye Xatus, Xasbneya vi, kpe ɖe eŋu le glia ɖoɖo me. 11 Milkiya, Xarim vi, kple Xasub, Paxat-Moab vi, woɖo gli la ƒe akpa evelia, eye wotu kpoxɔ tsrala la. 12 Salum, Xaloxes vi, si nye Yerusalem-nutowo me ƒe afã ƒe amegã la, kpakple vianyɔnuwo wokpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me. 13 Xanun kple Zanoaxtɔwo ɖɔ balimegbo la do; wowu enu, eye woɖe ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo enu; eye woɖo glia vaseɖe akɔligbo la gbɔ wole abɔklugui akpe ɖeka. 14 Malkiya, Rexab vi, si nye amegã le weingblenutowo me la, ɖɔ akɔligbo la ɖo; ewu enu, eye wode agbo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo enu. 15 Salum, Kol-Xoze vi, amesi nye amegã le Mizpa-nutowo me la, ɖɔ vudogbo la ɖo; ewu enu, eye wògbã eta me hede agbo kple ʋɔtru ŋugawo kpakple ʋɔmedetiwo enu; edo Selax-ta la ƒe gli, si le fia ƒe abɔ ŋu vaseɖe atrakpui, si ɖiɖi de Dawid ƒe dua me la gbɔ. 16 Eyome Nexemya, Azbuk vi, amesi nye amegã le Bet-Zur-nutowo ƒe afã me la, ɖɔe ɖo vaseɖe Dawid ƒe yɔdowo kasa kple ta, si woɖe, kpakple kalẽtɔwo ƒe xɔ gbɔ. 17 Eya yome Lewi-viwo ɖɔe ɖo: Rexum, Bami vi, ɖɔe ɖo; amesi kpe ɖe eŋu le eɖɔɖɔɖo me hena eƒe nutowo me la, enye Xosabye, amesi nye amegã le Kegila-nutowo ƒe afa me. 18 Eya yome wo nɔviwo ɖɔe ɖo: Bawai, Xenadad vi, amesi nye amegã le Kegila-nutowo ƒe afa me. 19 Eser, Yesua vi, amesi nye amegã le Mizpa la, kpe ɖe eŋu ɖɔ akpa evelia, si le to dzi mɔ kasa la ɖo vaseɖe aʋawɔnuxɔ, si le dzogoe dzi la gbɔ. 20 Eya yome Barux, Zabai vi, do vevie ɖɔ akpa evelia ɖo tso dzogoea dzi vaseɖe nunɔla ga Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu. 21 Eya yome Meremot, Xakoz vi Uriya ƒe vi, ɖɔe ɖo yi dzi tso Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu vaseɖe Elyasib ƒe aƒe ƒe mlɔenu. 22 Eya yome nunɔlawo, siwo nye ŋutsuwo tso Yordan-nutowo me la ɖɔe ɖo. 23 Emegbe Benyamin kple Xasub woɖɔe ɖo le woƒe eƒe kasa; eyome Ananya vi Maaseya ƒe vi Azarya ɖɔe ɖo le eƒe aƒe ŋu. 24 Eyome Binui, Xenadad vi, ɖɔ akpa evelia ɖo tso Azarya ƒe aƒe gbɔ vaseɖe afisi glia ƒe tɔtrɔƒe, eye vaseɖe dzogoe dzi. 25 Palal, Uzai vi, ɖɔe ɖo le tɔtrɔƒe la kple xɔ tsrala dzigbetɔ, si le fiasã ŋu le gãxɔ ƒe xɔxɔnu la kasa; eye Pedaya, Paros vi, dze eyome. 26 Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel dzi vaseɖe tsigbo, si le ɣedzeƒe gome, kple xɔ tsrala, si do gɔ̃ la kasa. 27 Emegbe Tekoatɔwo ɖɔ akpa evelia ɖo le xɔ tsrala gã, si ɖo gɔ̃ la kasa vaseɖe Ofel ƒe gli gbɔ. 28 Nunɔlawo ɖɔ sɔgbo la ƒe dzigbe gome ɖo, amesiame le eƒe aƒe kasa. 29 Emegbe Zadok, Imer vi, ɖɔe ɖo le eƒe aƒe kasa; eya yome Semaya, Sexanya vi, si nye ɣedzeƒegbo la nudzɔla ɖɔe ɖo. 30 Emegbe Xananya, Selemya vi, kple Xanun, amesi nye Zalaf ƒe vi adelia la, ɖɔ akpa evelia ɖo; eyome Mesulam, Berexya vi, ɖɔe ɖo le eƒe aƒe kasa. 31 Eya yome sikanutula vi Malkiya ɖɔe ɖo vaseɖe gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple nudzralawo ƒe aƒe gbɔ, tso Mifkadgbo la kasa vaseɖe dziƒoxɔ dzogoedzitɔ la gbɔ. 32 Sikanutulawo kple nudzralawo ɖɔ dziƒoxɔ dzogoedzitɔ kple alẽgbo la dome ɖo. 33 Ke esi Sanebalat se be, míele glia ɖom la, eku dzi nɛ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ heɖe alɔme le Yudatɔwo ŋu 34 gblɔ le nɔviawo kple Samaria-ʋakɔ la ŋku me bena. Nuka wɔm Yudatɔ beli siawo le? Ɖe woazi kpi akpa woa? Ɖe woasa vɔa? Ɖe woawu enu egbea? Eye ɖe woagbɔ agbe kpe, siwo wotɔ dzoe la, tso anyiglãgoawo mea? 35 Eye Tobiya, Amonitɔ la, de edzi gblɔ bena: Ne wotui ko! Ne abei de edzi la, akaka woƒe kpegli la. 36 Oo mía Mawu, se alesi wodo vlo mí! Na woƒe fewuɖuɖu nava woƒe ta dzi, eye na woaha wo ayi aboyonyigba dzi. 37 Megatsyɔ nu woƒe vodada dzi o, eye megaɖe woƒe nuvɔ̃ ɖa le ŋkuwò me o; elabena wodo dziku na wo le gliɖolawo ŋku me. 38 Ke míeɖo gli la, eye gli blibo la va kpe vaseɖe eƒe kɔkɔme ƒe afa, eye dzi nɔ dukɔ la ƒo ɖe dɔ la ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana