Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nehemia 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nexemya bla ŋusẽ kple agbalẽ tso fia si bena woate ŋu atu Yerusalem.

1 Eye wòva me le dzinu Nisan li me le fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia me, esime wein le egbɔ le metso wein la de esi na fia la; — ke nyemeɖo adã le eŋku me kpɔ o.

2 Tete fia la gblɔ nam be: Nukaŋuti neɖo adã, evɔ mele dɔ lém hafi o? Menye nu bubua ɖekee o, ke boŋ nu xam nele le dzi me. Eyata vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ,

3 eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?

4 Fia la gblɔ nam be: Nuka biam nèle? Tete mede gbe ɖa na dziƒo Mawu la,

5 eye meɖo ŋu na fia la bena: Ne edze fia ŋu, eye wò dɔla ƒe nu nyo ŋuwò la, ekema ɖom ɖe fofonyewo ƒe ɖiƒedu la me le Yuda, na magatsoe.

6 Tem fia la kple fiasrɔ̃, si bɔbɔ nɔ exa la, gblɔ nam bena: Ŋkeke nenie nèle ma zɔ ge, eye gbekagbe natrɔ agbɔ? Esi wòdze fia la ŋu be, wòaɖom ɖa la, meɖo ŋkeke nɛ

7 gblɔ na fia la bena: Ne edze fia ŋu la, ekema woana agbalẽm matsɔ ana anyigba dzikpɔlawo le tɔsisi la ƒe go keme, be woana matso me ayi, vaseɖe esime made Yuda,

8 kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.

9 Fia la kpe aʋafiawo kple sɔdolawo ɖe ŋunye, eye meva anyigba dzikpɔlawo gbo le tɔsisi la ƒe go keme hetsɔ fia ƒe agbalẽawo na wo.

10 Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.

11 Esi meva Yerusalem, eye meno afima ŋkeke etɔ̃ la,

12 mia kple ŋutsu ʋeea ɖewo mietso le zã; ke nyemegblɔ nusi nye Mawu de dzi me nam, be mawo na Yerusalem la, na amea ɖeke o; eye laa ɖeke meno ŋunye o, negbe lã, si mede la koe.

13 Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.

14 Emegbe meyi ŋgɔ heva vudogbo la kple fia ƒe la la gbɔ; ke teƒea ɖeke meli na lã, si le tenye la, be wòato ayi ŋgɔ o.

15 Eye mete bali la me le zã hede ŋku ɖe gli la, emegbe metrɔ va to balimegbo la nu hegbɔ va aƒe me.

16 Ke amegãwo menya afisi mede kple nusi meɖawɔ o; eye nyemeka eta na Yudatɔwo nunɔlawo, bubumewo, amegãwo kple dɔwɔla bubuawo o.

17 Tete megblɔ na wo bena: Miele dzɔgbevɔ̃e, si me míele la kpɔm, be Yerusalem zu aƒeɖo, eye eƒe agbowo fiã oa? Eyata mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo, be womagaɖe alɔme le mía ŋu azɔ o!

18 Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fiaƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.

19 Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?

20 Tete meɖo ŋu gblɔ na wo bena: Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mi, eye mi, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔa ɖeke mele mía si le Yerusalem o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan