Nehemia 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nexemya ɖe kɔnugbegblẽwo keŋ ɖa. 1 Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o; 2 elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe Israel-viwo o, eye woda Bileam ɖe wo ŋu, be wòaƒo li aɖe wo, ke mía Mawu trɔ fiƒoɖe la wòzu yayra. 3 Esime wose sea la, woɖe ame tsakatsakawo katã ɖa le Israel dome. 4 Do ŋgɔ na esia la, nunɔla Elyasib, amesi wotsɔ ɖo mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔwo nu, eye wòɖo ƒome kple Tobiya la, dzra xɔ loloe ɖeka me do nɛ, 5 afisi wotsɔa numevɔsa, atike ʋeʋẽe kple ŋudɔwɔnuawo, bu, wein kple ami ƒe ewoliawo, siwo nye Lewi-viwo, hadzilawo kple agbonudzɔlawo lɔ kpakple nunɔlawo ƒe nudzɔdzɔ, dana do tsa la. 6 Ke nyemenɔ Yerusalem, esime nusiawo katã dzɔ o; elabena le Babel-fia Artaxsasta ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia me la meyi ɖe fia la gbɔ. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, mebia gbe fia la. 7 Azɔ esi metrɔ va Yerusalem la, medze si nu gbegblẽ, si Elyasib wɔ le esime be, wòɖɔ xɔ ɖeka me do na Tobiya le Mawu ƒe eƒe ƒe xɔxɔnuwo. 8 Tete dzi kum ŋutɔ, eye mefɔ Tobiya ƒe xɔmenuwo katã ƒu gbe tso xɔ le me. 9 Emegbe megblɔ be, woakɔ xɔ la ŋu, eye megafɔ Mawu ƒe eƒe ŋu dɔwɔnuawo, nuɖuvɔsa kple atike ʋeʋẽeawo va mee. 10 Eye mese be, womena Lewi-viwo ƒe gome wo o, eyata Lewi-viwo kple hadzilawo, emesiwo woa subɔsubɔdɔ la, do me amesiame yi eƒe agble me. 11 Tete meka mo na amegãwo gblɔ bena: Nukaŋuti wogblẽ Mawu ƒe aƒe la ɖi? Eye megaƒo wo nu ƒu hetsɔ wo ɖo wo teƒe. 12 Azɔ Yuda blibo la tso bli, wein kple ami ƒe ewoliawo ya nudzraɖoƒexɔawo me; 13 eye metsɔ nunɔla Selemya kple agbalẽŋlɔla Zadok kpakple Pedaya tso Lewi-viwo dome do nudzraɖo ƒexɔwo dzikpɔlawoe, eye Matanya vi Zakur ƒe vi Xanan kpe de wo ŋu; elabena wobu wo anukwaretɔwoe, eye wonye woƒe dɔ be, woamã nu na wo nɔviwo. 14 Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o! 15 Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram. 16 Tirotɔ, siwo le dua me hã, tsɔ tɔmelãwo kple adzɔnu vovovo vɛ, eye wodzra wo na Yuda-viwo le Yerusalem le dzudzɔgbe la. 17 Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la? 18 De menye alea mía fofowo wɔ, eye Mawu he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía kple nu sia dzi oa? Azɔ míegale dɔmedzoe dzim ɖe dzi hena Israel, eye míele kɔ gblẽm ɖo na dzudzɔgbe laa? 19 Hafi dzudzɔgbe la naɖo la, mede se be, ne vɔvɔli nye ɖo Yerusalem-gbowo nu ko la, woaɖo agboawo, eye megblɔ be, womegaʋu wo o, vaseɖe esime dzudzɔgbe la nu nayi hafi. Eye meɖe amewo tso nye ɖekakpuiwo dome ɖo agboawo nu, be womagatsɔ agboa ɖeke vɛ le dzudzɔgbe la o. 20 Ke asitsalawo kple adzɔnu vovovowo dzralawo tsi Yerusalem godo dɔ zi ɖeka kple zi eve. 21 Tete mexlɔ̃ nu wo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi glia godo ɖɔ? Ne miegawɔe le ekema malé mi! Tso ɣemaɣi dzi la womegava le dzudzɔgbe dzi kpɔ o. 22 Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu! 23 Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab. 24 Eye wo viwo ƒe afa doa Asdod-gbe, alo dukɔ si kple dukɔ keme ƒe gbe, ke womenya Yuda-gbedodo o. 25 Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o! 26 Ɖe Israel-fia Salomo mewɔ nuvɔ̃ le esia ta oa? To egbɔ be, fiaa ɖeke mede enu le dukɔ geɖewo dome o, eye wonye ete Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye Mawu tsoe ɖo fia ɖe Israel blibo la nu hã la, dutanyɔnuwo blee de nuvɔ̃ me. 27 Azɔ woase esia le mía ŋu be, miewɔ nu gbegblẽ gã sia heto vo de mía Mawu la ŋu be, míede dutanyɔnuwoa? 28 Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye. 29 Nye Mawu, ɖo ŋku, alesi woɖi gbe nunɔlanyenye kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe nubabla lae la dzi na wo! 30 Ale mede du bubu me tɔwo katã da le wo dome, eye medo ɖoɖowo hena nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiame le eƒe dɔ nu, 31 kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana