Nehemia 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nunɔlawo kple Lewitɔwo ƒo ŋkɔwo. 1 Nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo gbɔ kple Zerubabel. Sealtiel vi, kpakple Yesua, wo ye Seraya, Yeremya, Ezra, 2 Amarya, Malux, Xatus, 3 Sexanya, Rexum, Meremot, 4 Ido, Ginetoi, Abiya. 5 Miyamin, Maadya, Bilga, 6 Semaya, Yoyarib, Yedaya, 7 Salu, Amok, Xilkiya kple Yedaya. Amesiawo nye nunɔlawo kple wo nɔviwo ƒe tatɔwo le Yesua ŋɔli. 8 Lewi-viwo nye Yesua, Binui, Kadmiel, Serebya, Yuda kple Matanya; eya kple nɔviawo le kafukafuhadzihawo nu, 9 Bakbukya kple Uni kpakple nɔviawo tsi tre ɖe wo kasa le woƒe hawo nu. 10 Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Elyasib, eye Elyasib dzi Yoyada, 11 Yoyada dzi Yonatan, eye Yonatan dzi Yadua. 12 Nunɔla, siwo nye tatɔwo na aƒekɔwo le Yoyakim ŋɔli la, wonye: Meraya na Seraya; Xananya na Yeremya; 13 Mesulam na Ezra; Yoxanan na Amarya; 14 Yonatan na Meluxi; Yosef na Sebanya; 15 Adna na Xarim; Xelkai na Merayot; 16 Zaxarya na Ido; Mesulam na Gineton; 17 Sixri na Abiya, Piltai na Minyamin-Moadya; 18 Samua na Bilga; Yonatan na Semaya; 19 Matenai na Yoyarib; Uzi na Yedaya; 20 Kalai na Salai; Eber na Amok; 21 Xasabya na Xilkiya; Netaneel na Yedaya. 22 Le Elyasib, Yoyada, Yoxanan kple Yadua ŋɔli la woŋlɔ Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo kple nunɔlawo ɖi le Persiatɔ Dario ƒe fiaɖuɖu me. 23 Woŋlɔ aƒekɔwo ƒe tatɔ, siwo nye Lewi-viwo, ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me vaseɖe Yoxanan, Elyasib vi ŋɔli. 24 Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome. 25 Matanya, Bakbukya kple Obadya, Mesulam, Talmon kple Akub wonye agbonudzɔlawo, siwo dzɔa nudzraɖoƒexɔ, siwo le agboawo nu la ŋu. 26 Amesiawo nɔ agbe le Yoyakim, Yesua vi, amesi nye Yozadak vi ŋɔli kple anyigba dzikpɔla Nexemya kpakple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala la ŋɔli. Yerusalem glia ŋu kɔkɔ. 27 Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae. 28 Tete hadzihawo va kpe ta tso Yerusalem nutowo me godoo kple Netotatitɔwo ƒe agbletawo 29 kple Bet-Gilgal kple Geba-gblewo me kpakple Azmawet; elabena hadzilawo tso agbletawo na wo ɖokui ɖe Yerusalem ŋu goɖoo. 30 Nunɔlawo kple Lewi-viwo kɔwo ɖokui ŋu, eye woke dukɔ la, agboawo kple gliawo ŋu. 31 Mene Yuda-amegãwo de gli la dzi, eye meɖo kafukafuhadziha gã eve, ha ɖeka to glia dzi ɖo ta akoligbo la gbɔ le ɖusi me gome, 32 wo yomedzelawo nye Hosaya kple Yuda-amegãwo ƒe afa, 33 Azarya, Ezra kple Mesulam, 34 Yuda Benyamin. Semaya kple Yeremya. 35 Nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo, siwo tsa kpẽwo ɖe asi, wonye: Zaxarya, Yonatan vi, amesi nye Semaya vi, amesi nye Matanya vi; amesi nye Mixaya vi, amesi nye Zakur vi, amesi nye Asaf vi. 36 Nɔvia, siwo nye. Semaya, Azareel, Milalai, Gilalai, Maai, Netaneel, Yuda kple Xanani la wole Mawu ƒe ame Dawid ƒe hadzinuwo ɖe asi, eye agbalẽfiala Ezra dze wo ŋgɔ. 37 Woɖo ta vudogbo la gbɔ, eye wole ŋgɔmɔ tẽ heto atrakpuiawo dzi va Dawid ƒe du la gbɔ; wolia gli la to Dawid ƒe xɔ gbɔ vaseɖe tsigbo la gbɔ le ɣe dzeƒe gome. 38 Kafukafuhadziha evelia, si yome mia kple dukɔ la ƒe afã míedze le, to glia dzi le mía me gome ɖo ta kpoxɔ tsrala la gbɔ vaseɖe gli keke la gbɔ. 39 Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ. 40 Tete kafukafuhadziha eveawo ɖo ɖe Mawu ƒe aƒe la me hekpe ɖe mía kple amegãwo ƒe afã, si le ŋunye la ŋuti. 41 Elyakim, Maaseya, Minyamin, Mixaya, Elyoenai, Zaxarya kple Xananya, amesiwo nye nunɔlawo la, wolé kpẽwo ɖe asi, 42 eye Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yoxanan, Malkiya, Elam kple Ezer, amesiwo nye hadzilawo la, dzi ha, eye Yizraxiya le wo nu. 43 Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke. Gbedoxɔ ŋu nudzɔdzɔwo dzikpɔlawo. 44 Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi, 45 eye woƒe Mawu ƒe dɔ kple ŋutikɔklɔdɔ le wo si me la ŋuti; eye hadzilawo kple agbonudzɔlawo tsi tre ɖi le Dawid kple via Salomo ƒe se la nu. 46 Elabena tso gbaɖegbe ke le Dawid kple Asaf ŋɔli amegãwo le hadzilawo kple Mawu ƒe kafukafuhawo kpakple akpedahawo nu. 47 Le Zerubabel ŋɔli kple Nexemya ŋɔli la Israel blibo la na nu hadzilawo kple agbonudzɔlawo, alesi nu hiã gbesiagbe; wotsɔ nunana kɔkɔeawo na Lewi-viwo, eye Lewi-viwo tsa nunana kɔkɔeawo na Aron viwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana