Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nehemia 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Du me kple anyigba dzi nɔla yeyewo.

1 Dukɔ la ƒe amegãwo nɔ Yerusalem; ke dukɔ susɔea dzidze nu be, ame ɖekaɖeka natso ame ewoewo dome ava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me, ke ame asieke asieke bubuawo nanɔ duwo me

2 Eye dukɔ la yra ŋutsu, siwo katã lɔ̃ faa be, yewoanɔ Yerusalem.

3 Anyigba dzikpɔla, siwo nɔ Yerusalem la, wonye si: ke Israel, nunɔlawo Lewi-viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo nɔ Yuda-duwo me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi le eƒe du me —

4 Yuda-viwo kple Benyamin-viwo dometɔ, siwo nɔ Yerusalem, wonye si Amesiwo tso Yuda-viwo dome, wonye. Ataya, Uziya vi Zaxarya vi, amesi enye Amarya vi, amesi enye Sefatya vi, amesi nye Mahalaleel yi tso Perez viwo dome;

5 kple Maaseya, Barux vi, amesi nye Kol-Xoze vi, amesi nye Xazaya vi, amesi enye Adaya vi, amesi enye Yoyarib vi, amesi nye Zaxarya ve amesi nye Siionitɔ ƒe vi

6 Perez vi, siwo katã nɔ Yerusalem la, le ŋutsu kalẽtɔ alafa ene kple blaade vɔ enyi.

7 Benyamin-viwo nye Salu, Mesulam vi, amesi nye Yoed vi, amesi nye Pedaya yi, amesi nye Kolaya vi, amesi nye Maaseya vi, amesi nyee Itiel vi, amesi nyee Yesaya vi;

8 Gabai, Salai wokplɔe do, wole ame alafa asieke kple blave vɔ enyi.

9 Yoel, Zixri vi, le wo nu, eye Yuda, Hasenua vi, nye ame evelia le dua nu.

10 Amesiwo tso nunɔiawo dome la, wonye: Yedaya, Yoyarib vi, Yaxin,

11 Seraya, Xilkiya vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Merayot vi, amesi nye Axitub vi, eya nye amegã le Mawu ƒe aƒe la me.

12 Wo nɔvi, siwo le dɔ wɔm le aƒe la me la, wole ame alafa enyi kple blave vɔ eve. Adaya, Yeroxam vi, amesi nye Pelalya vi, amesi nye Amzi vi, amesi nye Zaxarya vi, amesi nye Pasxur vi, amesi nye Malkiya vi.

13 Nɔvia, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo la, le eme alafa eve kple blane vɔ eve. Amesai, Azareel vi, amesi nye Axzai vi, amesi nye Mesilemot vi, amesi nye Imer vi.

14 Wo nɔvi, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la, wole ame alafa ɖeka kple blave vɔ enyi; eye Zabdiel, Hagedolim vi la, le wo nu.

15 Amesiwo tso Lewi-viwo dome la, wonye Semaya, Xasub vi, amesi nye Azrikam vi, amesi nye Xasabya vi, amesi nye Buni vi.

16 Zabetai kple Yozabad, amesiwo tso Lewi-viwo ƒe tatɔwo dome, eye wole gotadɔwo nu le Mawu ƒe aƒe la me

17 Matanya, Mixa vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Asaf vi, eya nye kafukafuha ƒe henɔ, amesi doa „Mida akpe“ ɖa ɖe gbedodoɖa, kple Bakbukya, amesi nye evelia tso nɔvlawo dome, kpakple Abda, Samua vi, amesi nye Galal vi, amesi nye Yedutun vi.

18 Lewi-vi, siwo katã le ɖu kɔkɔe la me la, wole ame alafa eve kple blanyi vɔ ene.

19 Agbonudzɔlawo nye Akub, Talmon kple wo nɔviwo, amesiwo dzɔ agboawo nu, wole ame alafa ɖeka kple blaadre vɔ eve.

20 Ke Israel kple nunɔlawo kpakple Lewi-viwo ƒe ame susɔeawo nɔ Yuda-duwo katã me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi.

21 Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel dzi, eye Zixa kple Gispa wole gbedoxɔ me ɖɔwɔlawo nu.

22 Amesi le Lewi-viwo nu le Yerusalem ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe ɖɔwo ŋu la, enye Uzi, Bani vi, amesi nye Xasabya vi, amesi nye Matanya vi, amesi nye Mixa vi tso Asaf vi, siwo nye hadzilawo dome.

23 Elabena fia la de se na wo, eye wodo kpe gbesiagbe fetu dzi na hadzilawo.

24 Petaxya, Mesezabeel vi, amesi tso Yuda vi Zerax ƒe viwo la, nye fia ƒe kpeɖeŋutɔ le dukɔ la ƒe nyawo gome.

25 Yuda-vi, siwo nɔ kɔƒewo me le woƒe agblewo me la, dometɔa ɖewo nɔ Kiryat-Arba kple eƒe kɔƒewo me, Dibon kple eƒe kɔƒewo me, Yekabzeel kple eƒe agbletawo,

26 Yesua, Molada kple Bet-Pelet,

27 Xazar-Sual, Beer-Seba kple eƒe kɔƒewo me,

28 Ziklag, Mexona kple eƒe kɔƒewo me,

29 En-Rimon, Zora kple Yarmut,

30 Zanoax, Adulam kple eƒe agbletawo, Laxis kple eƒe agblewo me, Azeka kple eƒe kɔƒewo me. Eye womlo ɖe nu tso Beer-Seba vaseɖe Hinom-bali la me.

31 Benyamin-viwo dze yome tso Geba le Mixmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo

32 Anatot, Nob, Ananya,

33 Xazor, Rama. Gitayim,

34 Xadid, Zeboyim, Nebalat,

35 Lod kple Ono le atikpalawo ƒe bali la me.

36 Eye Lewi-viwo ƒe ha, siwo nɔ Yuda la domelɔa ɖewo nɔ Benyamin.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan