Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nehemia 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dukɔ ta bu beléle na sea dɔ vevie.

1 Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.

2 Amesiwo ɖo ŋkɔ ete, wonye: anyigba dzikpɔia Nexemya, Xaxalya kple Zedekiya,

3 Seraya, Azarya, Yeremya,

4 Pasxur, Amarya, Malkiya,

5 Xatus, Sebanya, Malux,

6 Xarim, Meremot, Obadya,

7 Daniyel, Gineton, Barux,

8 Mesulam, Abiya, Miyamin,

9 Maazya, Bilgal kple Semaya; amesiawo nyee nunɔlawo.

10 Lewi-viwo nyee; Yesua, Azanya vi, Binui, amesi tso Xenadad viwo dome, kple Kadmiel.

11 Wo nɔviwo nye: Sebanya, Hodaya, Kelita, Pelaya, Xanan,

12 Mixa, Rexob, Xasabya,

13 Zakur, Serebya, Sebanya,

14 Hodiya, Bani kple Beninu.

15 Dukɔ la ƒe latɔwo nye: Pareos, Paxat-Moab, Elam, Zatu, Bani,

16 Buni, Azgad, Bebai,

17 Adoniya, Bigewai, Adin,

18 Ater, Xizkiya, Azur,

19 Xodiya, Xasum. Bezai,

20 Xarif, Anatot, Nebai,

21 Magpias, Mesulam, Xezir,

22 Mesezabeel, Zadok, Yadua,

23 Pelatya, Xanan, Anaya,

24 Hosea, Xananya, Xasub,

25 Xaloxes, Pilxa, Sobek,

26 Rexum, Xasabna, Maaseya,

27 Axiya, Xanan, Anan,

28 Malux, Xarim kple Baana.

29 Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,

30 wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.

31 Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.

32 Ne anyigba dzi dukɔwo tsɔ adzɔnu kple bli vovovowo va dzadzra ge le dzudzɔgbe la, míaƒle wo le wo si le dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔewo dzi o; míana agblewo navo le ƒe adrelia me, eye míelĩ fe o.

33 Míebia se na mía dokui be, míana sekel etɔ̃liawo ɖeka ƒe sia ƒe de subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒe me ŋu,

34 de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.

35 Eye mi nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ la míedzidze nu ɖe nakenana dzi, be woatsɔe ava mía Mawu ƒe ate la me ƒe sia le le aƒekɔwo nu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi, ne woatsɔ ado dzoe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi, abe alesi woŋlɔe de se la me ene

36 Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.

37 Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.

38 Míatsɔ míaƒe amɔwɔ kple míaƒe nudzɔdzɔ, kutsetse vovovowo, wein kple ami ƒe gbãlɔwo avae na nunɔlawo le xɔwo me le mia Mawu le aƒe la me, eye míatsɔ míaƒe agblemenuwo ƒe ewolia na Lewi-viwo, ne Lewi-viwo nava dza nuwo ƒe ewolia le míaƒe agblededuwo katã me.

39 Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.

40 Elabena xɔ siawo me Israel-viwo kple Lewi-viwo naisɔ bli, wein kple ami dzɔdzɔawo ayii; afima kɔkɔeƒe ƒe nuwo, nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm, agbonudzɔlawo kple hadzilawo nanɔ; eye míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan