Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Nahum 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Niniwe gbegblẽ ŋuti.

1 Kpɔ ɖa, ɖu nyui xɔla ƒe afɔwo ɖo towo dzi, eye wòle gbe ƒã ɖem ŋutlfafa be: Yuɖa, ɖu wò ŋkekenyuiewo, eye nawɔwò adzɔgbeɖeɖewo dzi; elabena ame vlo la magaƒo ɖe, dzlwò azɔ o, wo-tsrɔ̃e keŋkeŋ!

2 Nughlẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò: Kpɔ mɔ̃ sesẽwo ta, eye natsa ŋu te mɔ dzl, bla ali dzi, eye nade dzo la me vevie!

3 Elabena Yehowa agaghughɔ Yakob ƒe gãnyenye vɛ abe Israel ƒe gãnyenye ene. Elabena nuhalawo hae keŋkeŋ, eye woghlẽ eƒe weinkawo.

4 Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo biã hẽ, eye aʋawɔlawo le abe aɖabɛ dzitɔ ene, tasiaɖam ŋu gawo le dzo kem le akpablagbe, eye wole akplɔwo nyẽm.

5 Tasiaɖamwo le zi nyẽm le kpɔdomeewo; eye wole du dzi le ablɔwo me; wole abe kakatiwo ene, eye wole zɔzɔm abe dzikedzo ene.

6 Eɖo ŋku eƒe bubumewo dzi; wole ya mum le yiyim, eye woɖe abla yi ɖua ƒe gli gbɔ, ke wotu akpoxɔ ɖi xoxo.

7 Woaʋu agbo, siwo le tɔ to, eye dzidzi aƒo fiasã la.

8 Woaɖe ama fiasrɔ̃ akplɔ adzoe,: eƒe nyɔmidɔlawo anɔ fafam abe akpakpa ene, eye woanɔ akɔta ƒom.

9 Tso gbaɖegbe ke Niniwe le abe ta, si tsi yɔ fũ ene; ke woasi, eye ne wobe, „mitɔ, mitɔ“ la, amea ɖeke menye kɔ o.

10 Miha klosalo, miha sika! Aƒemenuwo teƒe mekɔ o, eye nu vevi vovovowo sɔ gbɔ kpaŋkpaŋ!

11 Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.

12 Afika dzatawo nɔƒe le azɔ, eye afika dzataviwo ƒe nuɖuƒe le, afisi dzatatsu kple dzatanɔ kpakple dzataviwo tsana le, eye amea ɖeke medoa vodi na wo o?

13 Dzata lé nu alesi atu viawo nu, eye wòwu nu na dzatanɔwo; etsɔ adzonu yɔ eƒe ɖowo fũ kple nuléle yɔ enɔƒewoe.

14 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, eye wò dzataviwo atsi yi nu, matsi wò adzodada nu le anyigba dzi, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe azɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan