Nahum 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, si bia hlɔ̃ Niniwe. 1 Nya ɖe Niniwe ŋu: Naxum, Elkositɔ ƒe nyagblɔɖigbalẽ enye si. 2 Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo. 3 Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi. 4 Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ. 5 Towo ʋuʋu le eŋgɔ, togbɛwo lólo gbanaa, eye anyigba kple xexeame kpakple emenɔlawo katã dzo kpekpekpe le eŋku me. 6 Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ. 7 Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu. 8 Ke ana tsi naƒo ɖi bababa, eye wòatsrɔ̃ eƒe nɔƒe, eye wòalsɔ viviti ayɔ eƒe fulɔwo ɖe nu. 9 Tame ka miebe, yewoaɖo ɖe Yehowa ŋu? Ele nu tsrɔ̃ ge, eye xaxa maɖo ta ɖa zi evelia o. 10 Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene. 11 Gbɔwòe amesi ɖo tame vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖe adaŋu vlo la tso. 12 Ale Yehowa ghlɔ esi; Ne ŋusẽ le wo ŋu, eye wosɔ ghɔ kpaŋ hã la, woasẽ wo ɖa, eye wo nu ayi; mehɔhɔ wo ɖe anyi, ke nyemagabɔbɔ wo ɖe anyi azɔ o. 13 Azɔ maŋe eƒe kɔkutl ɖa le dziwò, eye matso eƒe kawo. 14 Ke ŋuwò la, ale Yehowa ɖo ɖi enye si: Womagatsɔ wò ŋkɔ aƒã azɔ o; matsrɔ aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖa le wò mawuwo ƒe me; maɖe yɔɖo na wò, elabena èle wodzoe akpa. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana