Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mika 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawuvɔ̃la ʋeea ɖewo koe gali.

1 Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.

2 Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.

3 Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.

4 Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome.

5 Migaxɔ miaƒe zɔhɛ ɖzl se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la ghɔ.

6 Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.


Mawu ƒe amenuveve ŋugbedodo le tohehe megbẽ.

7 Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.

8 Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli.

9 Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku.

10 Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.

11 Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.

12 Ɣemaɣi la amewo ava gbɔwò tso Asur vaseɖe Egipte-duwo gbɔ, eye tso Egipte vaseɖe Frat nu, tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye tso to ghɔ yi lo gbɔ.

13 Ke anyigba anye gbegbe le edzinɔlawo ŋuti le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.

14 Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.

15 Mana wòakpɔ nukunuwo abe gbesigbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.

16 Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi.

17 Woaɖuɖɔ kewɔ abe dawo kple anyigba dzi nutatawo ene, eye woadzo nyanyanya aɖo atso woƒe mɔ̃wome; dzidzi aƒo wo woava Yehowa, mía Mawu la gbɔ, eye woavɔ̃ wò.

18 Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.

19 Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.

20 Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan