Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mika 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dukɔ la ƒe akpemadamada.

1 Mise nya, si gblɔm Yehowa le: Tso nahe nya kple towo, eye togbɛwo nase wò gbe!

2 Mi towo kple anyigba ƒe agunu sesẽwo, mise Yehowa ƒe dzrenya! Elabena dzre le Yehowa kple eƒe ɖukɔ la dome, eye wòle ʋɔnu yi ge kple Israel.

3 Nye dukɔ, nukae mewɔ wò, eye fu kae meɖe na wò ma? Ɖo ŋu nam!

4 Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!

5 Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Numeme, si dzea Mawu ŋu.

6 Nukae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋku me, eye made ta agu ɖe Mawu ɖziƒoʋĩtɔ la ŋku me? Ɖe matsɔ enumevɔsa kple nyivi, siwo xɔ ƒe ɖeka la, ɖe asi ado ɖe eŋku mea?

7 Ɖe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?

8 Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.

9 Yehowa le du la yɔm; amesi vɔ̃a wò ŋkɔ la, nunyalae; milé to ɖe ameƒoti kple amesi ɖoe ɖa la ŋu!


Nuku manyomanyoa ɖe ŋeɣi.

10 Ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotree nyaŋui, si ŋu fi-ƒode le la, gale ame vɔ̃ɖi ƒe me koa?

11 Ɖe matso afia na ame, ne nuɖanu madzɔmaɖzɔ li, eye nudakpe amebatɔ le akplo mea?

12 Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.

13 Eyata nye hã maƒo wò vevie, eye magblẽ dowòme le wò nuvɔ̃wo la.

14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.

15 Àƒã nu, ke màŋe nu o; ãɖa ami, ke mãkpɔ ami asi o; àfiã aha, ke mãkpɔ wein ano o.

16 Miewɔ nu ɖe Omri ƒe ɖoɖowo kple Axab ƒe aƒe ƒe nuwɔnawo katã ŋu, eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu, ne matsɔ wò awɔ gbegbee, duametɔwo nazu tsiãdonu, eye nye dukɔ ƒe ɖzu uauɔ mia dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan