Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mika 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le Kristo ƒe dziƒe kple eƒe fiaɖuƒe ŋuti.

1 Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.

2 Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.

3 Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.

4 Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.

5 Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la, eye woadi yi agblẽ Nimrod ƒe anyigba la; woaɖe mi tso Asur si me, ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ míaƒe llƒowo dzi la.

6 Yakob ƒe ame mamleawo anɔ ɖukɔ geɖewo dome, abe Yehowa ƒe zãmu kple tsiɖzadza ɖe gbe dzi, si mekpɔa amea ɖeke sinu o, eye melalaa amegbelɔvia ɖeke o la ene.

7 Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.

8 Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!

9 Ale Yehowa gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsrɔ̃ wò sɔwo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò tasiaɖamwo.

10 Matsrɔ̃ wò anyigba ɖzl duwo, eye magbã wò mɔ̃ sesẽwo katã aƒu anyi.

11 Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o.

12 Matsrɔ̃ wò aklama kpakpɛwo kple aƒeliwo ɖa le ɖo-wòme, eye magaɖe ta agu na wò aslnudɔwɔwɔwo azɔ o.

13 Maho wò Aserawo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò duwo.

14 Eye mabia hlɔ̃ ɖukɔ, siwo gbe toɖoɖo la, le dɔmedzoe kple dziku me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan