Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mika 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Vɔ̃ na nu madzɔmadzɔ wɔla, siwo kpɔa dzidzɔ le aʋatsokaka ŋuti.

1 Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,

2 Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.

3 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo tame vɔ̃ ɖe ƒome sia ŋu, miaɖe ta le eme o, eye miadzɔ kã anɔ yiyim o, elabena ɣeyiɣi vɔ̃ɖi wònye.

4 Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.

5 „Eyata wò amea ɖeke mada dzidzeka ɖe eƒe anyigba ŋu le Yehowa ƒe amehawo dome o.“

6 Wole gbɔgblɔm be: Migagblɔ nya o, migagblɔ nya siawo tɔgbe o, vlodoame nu metso o,

7 Nya kae nye esia gblɔm Yakob ƒe aƒe la le be: „Ɖe Yehowa mesea dziku dona o, eye esia nye eƒe nuwɔna?“ Ɖe nye nyawo mefa na ame dzɔdzɔewo oa?

8 Ke gbaɖegbe ke nye ɖukɔ dze aglã hezu ketɔ: Mieɖe awu ʋlaya le amesiwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ va tso me yina la ƒe awuwo dzi, abe aʋae miegbɔ tso ene.

9 Mienyã nye ɖukɔ ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe xɔ, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me, eye miexɔ atsyɔ̃ le wo viwo si ɖikaa.

10 Mitso miadzo! Elabena afi menye mia nɔƒe o; le nu makɔmakɔ wɔwó ta woatsɔ gbegblẽ, si teƒe mekɔ o la, agblẽ mi.

11 Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.

12 Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame mamleawo ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.

13 Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan