Mika 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda kple Israel-fiaduƒe gbegblẽ le trɔ̃subɔsubɔ ta. 1 Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli. 2 Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me! 3 Elabena kpɔ ɖa, Yehowa atso le enɔƒe ahaɖi ɖe anyi, eye wòatsa le anyigba ƒe gkɔkɔƒewo. 4 Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene. 5 Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa? 6 Eyata matsɔ Samaria awɔ anyiglãgoe ɖe gbe me kple weingbledeƒee, malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe abu me, eye maɖi ƒeƒle eƒe agunu. 7 Woagbãwoƒe aklama kpakpɛwo katã, woatɔ dzo woƒe gbolonunanawo katã, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo katã; elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui, eye gboloho woagazu. 8 Eyata mafa konyi, mafa avi, eye maɖe ƒeƒle anɔ yiyim; mafa konyi abe amegãxiwo ene, eye maxa nu abe golowo ene. 9 Elabena gbedada mele eƒe ƒoƒowo ŋu o; elabena eva Yuda ke, eye wòde nye dukɔ ƒe agbo nu vaseɖe Yerusalem ke. 10 Migado bobloe le Gat o; migafa avi le Ako o, eye mlgaƒo togotogoe le ke me le Bet-Leafra o! 11 Mi Safirtɔwo, miɖe ama miaʋu adzo; Zaanantɔwo mele dzodzo ge o; mifa konyi le Bet-Haezel, elabena mia gbɔe wòdze aʋa ɖo! 12 Dzidzi aƒo Ma-rotfɔwo le woƒe dzɔgbenyuie ta, elabena dzɔgbevɔ̃e ɖi tso Yehowa ghɔ ɖe Yerusalem ƒe agbowo dzi. 13 Laxistɔwo, mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu! Elabena wòe nye Zion-nyɔnuvl ƒe nuvɔ̃ gãtɔ, eye gbɔwòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le. 14 Eyata àklã ɖa tso Moreset-Gat ŋu; Axsib-xɔwo aflu Israel-fiawo. 15 Mi Maresatɔwo, magakplɔ nugblẽla aƒu mi, eye Israel ƒe bubumewo aɖe Adulam ke. 16 Lũ ta kokoe le viwò, siwo ghɔ mèlɔ̃a nu le o la ta; wò ta nebebe tegblẽ abe akagã tɔ ene, elabena wokplɔ wo dzoe le gbɔwò. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana