Mateo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lãmetututɔ la. 1 Eye esi wòɖo ʋu la, etso ƒu la va ye ŋutɔ ƒe dua me. 2 Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò. 3 Eye kpo ɖa, agbalẽfialawo dometɔa ɖewo gblɔ le wo ɖokui me bena: Amesia le busunya gblɔm. 4 Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã? 5 Elabena kae bɔbɔ wu be, woagblɔ: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, ne nazɔ azɔli mahã? 6 Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me! 7 Eye wòtsi tre heyi ɖe eƒe me. 8 Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo. Mateo yɔyɔ. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo. 9 Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome. 10 Eye wòva me, esime wòle kplɔ̃ ŋuti le aƒea me la, kpɔ ɖa, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo va, eye wobɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo. 11 Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã? 12 Esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko. 13 Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko. 14 Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã? 15 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ. 16 Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ. 17 Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie. Yairo vinyɔnuvi kple nyɔnu, si le nusisidɔ. 18 Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe. 19 Eye esi Yesu tsi tre la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome. 20 Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu; 21 elabena egblɔ le eɖokui me bena: Ne mede asi eƒe awu la ŋu ko la, mahaya. 22 Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi. 23 Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la, 24 egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe. 25 Eye esi wonyã ameha la do go la, eyi ɖe eme, eye wòlé eƒe asi, eye nyɔnuvi la to ɖe tsi tre. 26 Nenem eƒe ŋkɔ nyo kaka ɖe afima-nyigba katã dzi! Ŋkuagbãtɔ eve kple aɖetututɔ la. 27 Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui! 28 Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ. 29 Tete Yesu de asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ bena: Ava me na mi le miaƒe xɔse la nu. 30 Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o. 31 Ke woawo la, esi wodo go ko la, wona eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima-nyigba blibo la katã dzi. 32 Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ. 33 Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o. 34 Ke farisitɔwo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzie wòto nyã gbɔgbɔ vɔwo do goe. Yesu fia nu, eye wòyɔ dɔ amewo. Nuŋelawo mede ha o. 35 Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome. 36 Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene. 37 Tete wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nuŋeŋe la sa gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. 38 Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana