Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mateo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu yɔ dɔ anyidzelaa ɖe.

1 Eye esi wòɖi tso toa dzi la, ameha geɖewo kplɔe ɖo.

2 Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ.

3 Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.

4 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Yesu da gbe le Kapernaum aʋafia la ƒe dɔla ŋuti.

5 Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ

6 le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, nye dɔtsɔla mlɔ anyi le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem ŋutɔ.

7 Egblɔ nɛ bena: Nye la megbɔna be, mada gbe le eŋu.

8 Eye aʋafia la ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, medzem be, nava ge ɖe nye xɔ te o; ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔtsɔla ƒe lãme asẽ.

9 Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.

10 Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.

11 Ke mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me;

12 hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

13 Eye Yesu gblɔ na aʋafia la bena: Heyi, eye alesi nèxɔe se la, woawɔ na wò nenema ke! Eye eƒe dɔtsɔla ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.


Yesu da gbe le Petro lɔ̃xo kple dɔlẽla bubu geɖewo ŋuti.

14 Eye esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa le anyimlɔƒe, le ŋudza lém.

15 Eye wòde asi eƒe asi ŋuti, tete ŋudza la dzo le edzi; eye wòtsi tre hesubɔe.

16 Ke esi fiẽsi ɖo la, wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti,

17 bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“


Yesu gbe nya na nusrɔ̃la eve.

18 Ke esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋuti la, eɖo bena, yewoatso ƒu la ayi egodo.

19 Eye agbalẽfialaa ɖe va gblɔ nɛ bena: Nufiala, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.

20 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.

21 Eye eƒe nusrɔlawo dome ame bubu gblɔ ne bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, ne mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.

22 Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.


Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi.

23 Eye esi wòɖo ʋua la, eƒe nusrɔlawo kplɔe ɖo.

24 Eye kpɔ ɖa, ya sesẽa ɖe va ƒo ɖe ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe nua me; ke eya ŋutɔ dɔ alɔ̃.

25 Eye wova egbɔ, nyae gblɔ bena; Aƒetɔ, ɖe mi, miele tsɔtsrɔm!

26 Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.

27 Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?


Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ eve ŋu.

28 Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee.

29 Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?

30 Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le adzɔge le gbe ɖum.

31 Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me.

32 Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me.

33 Tete wo kplɔviwo si, eye esi wova dua me la, woka nyaawo katã kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, hã ƒe nya ta na wo.

34 Eye kpo ɖa, du blibo la katã do go yi Yesu kpe ge; eye esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me ayi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan