Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mateo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Abosam te Yesu kpɔ.

1 Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ.

2 Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.

3 Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.

4 Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“

5 Tete Abosam kplɔ eyama heyi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe da ɖe gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe,

6 eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“

7 Yesu gblɔ ne bena: Wogaŋlɔ ɖi hã bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“

8 Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae,

9 eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo ɖe la agu nam.

10 Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“

11 Tete Abosam gblẽe ɖi, eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.


Yesu dze eƒe dɔ gɔme.

12 Ke esi Yesu se bena, wotso Yohanes de asi la, edzo heyi ɖe Galilea.

13 Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,

14 bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nu bena:

15 „Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea,

16 dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“

17 Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!


Yesu vɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo.

18 Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.

19 Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!

20 Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.

21 Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.

22 Enumake wogblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.


Yesu yɔ dɔ dɔléla vovovowo.

23 Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.

24 Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.

25 Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan