Mateo 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu ƒe tsitretsitsi. Eƒe ɖokuiɖeɖeflawo kple nusrɔ̃lawo dɔdɔ hena mawunyagbɔgblɔ. 1 Ke le ŋkeke, si dze Sabat yome, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, Maria, Magdalatɔ, kple Maria keme la wova yɔdo la kpɔ ge ɖa. 2 Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi. 3 Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene; 4 ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti. 5 Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele. 6 Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa. 7 Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi. 8 Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo. 9 Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ. 10 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le. 11 Ke esi wole yiyim la, kpo ɖa, dzɔlawo dometɔa ɖewo yi dua me ɖaka nusiwo katã va dzo la ta na nunɔlagãwo. 12 Eye esi woa kple amegãwo ƒo ƒu la, wode adaŋu, eye wotso klosalo geɖe na asrafoawo bena: 13 Migblɔ bena: Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofii yii, esime mieɖo alɔ̃. 14 Eye ne nya sia ɖi mɔ̃mefia se la, ekema miawo míalé enu, eye miawo miavo atso fuɖeɖe me. 15 Eye woxɔ klosalo la, eye wowɔ, abe alesi wòfiã mɔnu wo ene; eye nenem nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome vaseɖe egbegbe. 16 Ke nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo ɖi la dzi. 17 Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi. 18 Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. 19 Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, 20 miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana