Mateo 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Lododo le flavia ɖe ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuɖu ŋuti. 1 Eye Yesu ɖo ŋu, eye wògaƒo nu na wo lelododowo me gblɔ bena: 2 Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via, 3 eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o. 4 Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe. 5 Ke womebui nɛ o, eye wodzo heyi, ame ɖeka yi eƒe abɔ me, eye ame bubu yi eƒe adzɔ do ge. 6 Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo. 7 Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du. 8 Tete wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Srɔ̃ɖenuawo sɔ gbe; gake amesiwo wokpe lã, womedze o. 9 Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke míakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe. 10 Eye nenem dɔla mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo amesiame, si wokpɔ la, nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo. 11 Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ amea ɖe le afima, si medo srɔɖewu o; 12 eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te. 13 Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ. 14 Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia. Nudzɔdzɔ na kaisaro. 15 Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée. 16 Eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodiahawo ɖo ɖe legba gblɔ bena: Nufiala, míenye bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe me, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o: elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o. 17 Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã? 18 Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo! 19 Mifia nudzɔsika lam. Eye wotsɔ denario la va fiae. 20 Yesu gblɔ na wo bena: Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye esia mahã? 21 Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu. 22 Eye esi wosee la, wotsiyaa, eye wogblẽe ɖi hedzo. Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi. 23 Le ŋkeke ma dzi la zadukitɔ, siwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, va egbɔ, eye wobiae bena: 24 Nufiala, Mose gblɔ bena, ne amea ɖe ku, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, ne wòado ƒome ɖi na nɔvia. 25 Azɔ nɔviŋutsu adre na mia dome, eye gbãtɔ, si ɖe srɔ̃ ta, ku, eye esi ƒomea ɖeke mele esi o la, egblẽ srɔ̃a ɖi na nɔvia; 26 nenema ke evelia kple etɔ̃lia hã wowɔ, vaseɖe adrelia dzi. 27 Wo katã megbe la nyɔnu la hã ku. 28 Azɔ le tsitretsitsi la me ɖee, wo ame adre la dometɔ ka srɔ̃ woazu mahã? Elabena wo katã woɖee kpɔ. 29 Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o. 30 Elabena le tsitretsitsi la me la womeɖea srɔ̃ o, eye womenana woɖea wo hã o; ke boŋ wole abe mawudɔlawo le dziƒo ene. 31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena: 32 „Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe. 33 Eye esi amehaawo see la, kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti. Se lolotɔ. 34 Ke esi farisitɔwo se bena, ede ga nu na zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe afi ɖeka. 35 Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena: 36 Nufiala, se ka nye vevito le sea me mahã? 37 Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“ 38 Esia enye se gbãtɔ, si le vevie. 39 Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“ 40 Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti. Kristo enye Dawid vi kple eƒe aƒetɔ. 41 Ke esi farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo bena: 42 Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka vi wònyea? Woɖo ŋu nɛ bena: Dawid vie. 43 Egblɔ na wo bena: Aleke gɔ̃ wo Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena: 44 „Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo aɖe wò afɔ te.“ 45 Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã? 46 Eye amea ɖeke mete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ, alo do dzi gabia nyaa ɖee tso ŋkeke ma dzi heyina o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana