Mateo 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le srɔ̃tɔwo ƒe asiɖeɖe le wo nɔewo ŋu ŋuti. 1 Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu la, edzo le Galilea, eye wòva Yudea-nutowo me le Yordan godo. 2 Eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo ŋu le afima. 3 Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã? 4 Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã? 5 Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka, 6 nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o. 7 Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã? 8 Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o. 9 Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi. 10 Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o. 11 Eye wògblɔ na wo bena: Menye amewo katãe ase nya sia me o, negbe amesiwo wona la ko. 12 Elabena ame tataa ɖewo li, siwo wodzi wo nenema tso keke wo dada ƒe dɔ me ke; eye ame tataa ɖewo li, siwo amewo la wo; eye ame tataa ɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee. Yesu yra ɖeviwo. 13 Tete wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ, bena woada asi ɖe wo dzi, eye ne wòado gbe ɖa; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe wo ta. 14 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. 15 Eye wòda asi ɖe wo dzi, eye wòdzo le afima. Ɖekakpui kesinɔtɔ la. 16 Eye kpɔ ɖa, amea ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, nu nyui ka mawɔ, ne makpɔ agbe mavɔ mahã? 17 Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi. 18 Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o. 19 Bu fofowò kple dawò, eye nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. 20 Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama? 21 Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme. 22 Ke esi ɖekakpui la see la, edzo yi kple nuxaxa: elabena nu geɖe le esi. 23 Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 24 Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee. 25 Ke esi nusrɔ̃lawo see la, kuvia do wo ŋutɔ, eye wogblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? 26 Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu. 27 Tete Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía to mahã? 28 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo. 29 Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome. 30 Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana