Mateo 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le toa dzi. 1 Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe. 2 Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene? 3 Eye kpɔ ɖa, Mose kple Eliya woɖe wo ɖokui fia wo hele dzẽ ɖom kplii. 4 Ke Petro ɖo eŋu gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, enyo na mí bena, miano afisia. Ne èlɔ̃ la, mawɔ agbadɔ etɔ̃ ɖe afisia; tɔwò ɖeka, Mose ta ɖeka, eye Eliya to ɖeka. 5 Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama! 6 Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ. 7 Eye Yesu va wo gbɔ, eye wòde asi wo ŋu gblɔ bena: Mitsi tre, eye migavɔ̃ o! 8 Ke esi wowu mo dzi la, womekpɔ amea ɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko. 9 Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo gblɔ bena: Migagblɔ nukpɔkpɔ la na amea ɖeke o, fiafase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome. 10 Eye nusrɔ̃lawo biae bena: Nukaŋuti gɔ̃ agbalẽfialawo gblɔ bena: Ele nɔ Eliya be, wòava gbãgbiagbã mahã? 11 Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Ele me bena: Eliya nava gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo. 12 Ke mele egblɔm na mi bena: Eliya va xoxo, eye womedze sii o: ke boŋ wowɔ nusianu, si wolɔ̃ la, ɖe eŋu. Nenema ke Amegbetɔvi la hã le fu kpe ge atso wo si mee. 13 Tete nusrɔ̃lawo dze sii bena, Yohanes mawutsidetanamela ŋutie wògblɔe le na wo. Yesu da gbe le kpeŋutitɔa ɖe ŋu. 14 Eve esi wova ameha la gbɔ la, amea de va egbɔ, eye wòdze klo nɛ 15 le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me. 16 Eye mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, eye womete ŋu da gbe le eŋu o. 17 Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii! 18 Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi. 19 Tete nusrɔ̃lawo ɖeɖe va Yesu gbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo miete ŋu nyae do go o mahã? 20 Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o. 21 Ke esia ƒomevi la mele go do ge o, ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o. Yesu gblɔ eƒe fukpekpe ɖi zi evelia. 22 Ke esi woƒo wo ɖokui nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena: Wole Amegbetɔvi la ɖe ge asi na amewo 23 eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la wòafɔ. Eye woxa nu ŋutɔ. Mawuxɔ me nudzɔdzɔ nana. 24 Esi wova Kapernaum la, amesiwo dzaa ga la, va Petro gbɔ, eye wogblɔ bena: Alo miaƒe nuxala ya menaa mawuxɔ me nudzɔdzɔ o mahã? 25 Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã? 26 Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si. 27 Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana