Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mateo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yesu ƒo nu le farisitɔwo ƒe dzesibiabia kple woƒe amɔwɔ ʋaʋã ŋuti.

1 Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.

2 Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Fiẽsi la miegblɔna bena: Xexeme le kɔkɔ ge; elabena dziƒo bia.

3 Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?

4 Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.

5 Eye nusrɔ̃lawo va go keme dzi, eye woŋlɔ abolotsɔtsɔɖeasi be.

6 Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.

7 Eye woawo ke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena, le esi yewometsɔ abolo ɖe asi o la ŋutie.

8 Ke esi Yesu nya eme la, egblɔ bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!

9 Alo ɖe miedze si nu kpɔ oa? Eye mieɖo ŋku ame akpe atɔ̃ la ƒe abolo atɔ̃ dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?

10 Alo ame akpe ene la ƒe abolo adre dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?

11 Aleke wɔ miedze sii kpo bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã?

12 Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.


Petro ʋu Yesu me.

13 Eye esi Yesu va Kaisarea Filipi-nutoawo me la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ameka amewo gblɔna bena, Amegbetɔvi la nye mahã?

14 Eye woawo gblɔ bena: Ɖewo bena, Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena, Elia ye, eye amea ɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.

15 Egblɔ na wo bena: Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã?

16 Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!

17 Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.

18 Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.

19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.

20 Tete wòde se na nusrɔ̃lawo bena, woagagblɔe na amea ɖeke bena, yee nye Kristo la o.


Yesu gblɔ eƒe fukpekpe ɖi zi gbãtɔ, eye wòfo nu le eyomedzedze ŋuti.

21 Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.

22 Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!

23 Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.

24 Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.

25 Elabena amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe.

26 Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

27 Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.

28 Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan