Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Mateo 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Farisitɔwo kple agbalẽfialawo va Yesu gbɔ le nusrɔ̃lawo ƒe asimaklɔmaklɔ ŋuti

1 Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo tso Yerusalem va Yesu gbɔ gblɔ bena:

2 Nukaŋuti wò nusrɔ̃lawo daa blematɔwo ƒe kɔawo dzi mahã? Elabena womeƒoa asi hafi ɖua abolo o.

3 Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Nukaŋuti miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔawo ŋuti mahã?

4 Elabena Mawu de se bena: Bu fofowò kple dawo! Eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa alo dadaa ŋuti la, ku ke wòaku.

5 Ke miawo la miegblɔ bena: Amesi ke lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye nunana na Mawu la, eya magabu fofoa alo dadaa o!

6 Eye miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe koa ŋuti.

7 Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena:

8 „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.

9 Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“

10 Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.

11 Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.

12 Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Enyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?

13 Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.

14 Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.

15 Eye Petro xɔ edzi gblɔ ne bena: Ɖe lo sia gome na mi.

16 Eye wògblɔ bena: Alo miawo hã ame masenugɔmewo mieganye mahã?

17 Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe do me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã?

18 Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame.

19 Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

20 Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.


Kanaan-nyɔnu la.

21 Eye esi Yesu do go tso afima la, eva Tiro- kple Sidon-nutoawo me.

22 Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.

23 Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome.

24 Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.

25 Ke nyɔnua va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, xɔ nam!

26 Eye wòɖo eŋu gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o.

27 Ke eya gblɔ bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ dzi.

28 Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Yesu yɔ dɔ dɔlélawo.

29 Eye Yesu dzo le afima te yi ŋgɔ va Galilea-ƒua nu, eye wolia to la hebɔbɔ no anyi ɖe afima.

30 Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.

31 Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

32 Ke Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖe egbɔ gblɔ bena: Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbe enye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye naneke mele wo si woaɖu o; ke nyemelɔ̃ bena, mado mɔ wo dɔme ɣeɣi o, ɖewohĩ aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi.

33 Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika míakpɔ abolo geɖe alea gbegbe atsoe le gbe sia dzi, bena ameha gã sia naɖu aɖi ƒo mahã?

34 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia sii? Eye wogblɔ bena: Wo ame adre kple lãvi ʋeea ɖewo.

35 Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba;

36 eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la.

37 Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wolɔ abolo kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi adre me fũ.

38 Eye amesiwo ɖu nua la, wole ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele me o.

39 Eye esi wòdo mɔ amehawo la, eɖo ʋu va Magdala-nutoawo me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan